1 Ale Yehowa gblɔe nye esi,
"Dziƒoe nye nye fiazikpui,
eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu.
Afi ka xɔ si miatu nam la le?
Afi ka nye gbɔɖemeƒe anɔ.
2 Menye nye asie wɔ esiawo katã,
eye wova dzɔ oa?"
Yehowae gblɔe.
"Esiae nye ame si mebuna;
ame si bɔbɔ eɖokui,
da ahe le gbɔgbɔ me,
eye ne ese nye nya la,
wòdzona nyanyanya.