Dependência
A dependência de Deus é o caminho da verdadeira liberdade. Sem Cristo, nada podemos fazer. Mas em Deus encontramos sustento, direção e força para todo desafio.
Sem Ele nada podemos
Sem mim nada podeis fazer. O cristão que se desconecta da videira seca — mas o que permanece dá muito fruto.
"Nyee nye wainti la, eye miawoe nye alɔdzeawo. Ame si le menye, eye nye hã mele eme la, atse ku nyui geɖe, elabena nye manɔmee la, miate ŋu awɔ naneke o.
O! Mawu, na manɔ dedie,
elabena wò mee mebe ɖo.
Metsɔ Yehowa ɖo ŋkunye me ɖaa,
elabena ele nye nuɖusime, eya ta nyemavɔ̃ o.
Ne Yehowa metu xɔ o la,
etulawo le agbagba dzem dzodzro.
Ne Yehowa medzɔ du la ŋu o la,
dzodzroe dua ŋu dzɔlawo le ŋudzɔ.
Anyigba mesu wo si to
woawo ŋutɔ ƒe yi dzi loo,
alo woawo ŋutɔ ƒe alɔe ɖu dzi na wo o,
ke boŋ wò nuɖusi,
wò alɔ kple wò mo ƒe kekelie xɔ na wo,
elabena èlɔ̃ wo.
Yehowa awɔ aʋa na mi; miawo ya mizi kpoo nɛ ko."
Depender do Senhor
Confia no Senhor de todo o coração e não te estribes no teu próprio entendimento. Em todos os caminhos o reconhece.
Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu kple wò dzi blibo,
mègaku ɖe wò ŋutɔ wò nugɔmesese ŋu o;
ɖo ŋu ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi
ekema awɔ wò toƒewo dzɔdzɔe.
Ame wɔa ɖoɖo ɖe ale si wòazɔe ŋu le eƒe dzi me,
gake Yehowae fiaa ale si wòaɖe afɔe.
Nu geɖewo ame ɖo ɖe eƒe dzi me,
gake Yehowa ƒe ɖoɖo koe vaa eme.
Yehowa ƒe yayra hea kesinɔnu vɛ,
eye metsɔa fukpekpe aɖeke kpena ɖe eŋu o.
Nye ŋutilã kple nye dzi nu ava yi,
gake Mawue nye nye dzi ƒe ŋusẽ
kple nye gomekpɔkpɔ tegbetegbe.
O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, gaɖo mí te;
na wò mo nàklẽ ɖe mía dzi be míakpɔ xɔxɔ.
Mewu mo dzi ɖe togbɛawo ŋu,
afi ka nye xɔname atso ava?
Nye xɔname atso Yehowa,
ame si wɔ dziƒo kple anyigba la gbɔ.
Mana wò afɔ naɖiɖi o,
eya ame si dzɔa ŋuwò la madɔ akɔlɔ̃e o.
Esi medo ɣli be,
"Nye afɔ le ɖiɖim" la, wò lɔlɔ̃,
O! Yehowa, de megbe nam.
Le nye vevesese me, medo ɣli yɔ Yehowa,
etɔ nam, eye wòɖe gam.
Yehowae nye kplɔnyela,
eya ta naneke mahiãm o.
Lãnyiƒe damawo dzi wòna metsyɔ akɔ ɖo,
eye wòkplɔm yi tɔʋu fafɛwo gbɔe,
Contentamento e confiança
Aprendi a viver contente em toda situação. A dependência de Deus nos livra da ansiedade e nos firma na paz.
Nyemele nya sia gblɔm ɖe esi mele hiã me la ta o, elabena mesrɔ̃ ale si manɔ agbee nenye be nu geɖe alo nu sue aɖe le asinye.
elabena nyee.
Nye Yehowa, wò Mawu,
ame si lé wò nuɖusibɔ ɖe asi hele gbɔgblɔm na wò be
‘Mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò.’
Ena ŋusẽ ame siwo ŋu ɖeɖi te,
eye wòdoa ŋusẽ ame siwo gbɔdzɔ.
Miwɔ dɔ kple mia nɔewo dzidzɔtɔe. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo o. Migadze agbagba be yewoadze amegãwo ŋu o, ke boŋ mide ha kple ame gblɔewo. Migabu be yewonya nu sia nu o.
Abe ale si ŋutinu geɖewo le miaƒe ŋutilãwo ŋu, eye ŋutinu siawo katã mewɔa dɔ ɖeka o ene la, nenema ke wole Kristo hã ƒe ŋutilã ŋui, eye ŋutinu siawo nye wo nɔewo tɔ, ame sia ame hiã nɔvia.
Eya ta ame siwo gale agbe le ŋutilã nu la mate ŋu adze Mawu ŋu o.
Eya ta migatsi dzi ɖe etsɔ si gbɔna la ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la atsi dzi ɖe eɖokui ŋu elabena kuxi sɔ gbɔ le ŋkeke sia ŋkeke me xoxo.
"Ke ame kae menye eye ame kawoe nye amewo nye be nàɖe mɔ na mí be míana nane wò? Gbɔwòe nu sia nu si le mía si la tso eye nu si nye tɔwò xoxo la ko míetsɔ na wò!