Publicidade

Salmos 127

Solomo ƒe mɔzɔha.

1 Ne Yehowa metu o la,

etulawo le agbagba dzem dzodzro.

Ne Yehowa medzɔ du la ŋu o la,

dzodzroe dua ŋu dzɔlawo le ŋudzɔ.

2 Dzodzroe miefɔna kaba le ŋdi,

henɔa agbagba dzem

le nu si miaɖu la ŋuti va se ɖe fiẽ,

ke ame siwo wòlɔ̃na la,

enana wodɔa alɔ̃ ɖina ɖe eme.

3 Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ,

eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ.

4 Viŋutsu siwo ame aɖe dzi le eƒe ɖekakpuime la,

le abe aŋutrɔ le kalẽtɔ si ene.

5 Woayra ŋutsu si ƒe daku me wole fũu.

Ŋu makpe wo o,

ne woawo kple futɔwo avu le agbo la me.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-