Publicidade

Salmos 16

David ƒe ha si wɔa ɖe ame dzi.

1 O! Mawu, na manɔ dedie,

elabena mee mebe ɖo.

2 Megblɔ na Yehowa be,

"Wòe nye nye Aƒetɔ;

nu nyui aɖeke mele asinye kpe ɖe ŋuwò o."

3 Ame kɔkɔe siwo le anyigba dzi la woe nye bubume

siwo ƒe nu nyoa ŋunye vevie.

4 Ame siwo ati mawu tutɔwo yome la, adzi woƒe vevesesewo ɖe edzi.

Nyemasa woƒe ʋuvɔsawo na mawu mawo,

alo ayɔ woƒe ŋkɔwo o.

5 Yehowa, èɖo tɔnye gome

kple nye kplu da ɖi nam;

èna nye gomekpɔkpɔ le dedie nam.

6 Liƒo ƒe dzidzeka la dze teƒe nyuiwo nam;

le nyateƒe me la, domenyinu si do dzidzɔ nam la su asinye.

7 Makafu Yehowa, ame si ɖoa aɖaŋu nam;

le me ke , nye dzi xlɔ̃a num.

8 Metsɔ Yehowa ɖo ŋkunye me ɖaa,

elabena ele nye nuɖusime, eya ta nyemavɔ̃ o.

9 Esia ta nye dzi le dzidzɔ kpɔm,

nye aɖe tso aseye, eye nye ŋutilã agbɔ ɖe eme le dedinɔnɔ me,

10 elabena màgblẽm ɖi na yɔdo alo ana ,

Kɔkɔetɔ la, nàkpɔ gbegblẽ o.

11 Èna menya agbemɔ la;

àtsɔ dzidzɔkpɔkpɔ ayɔ menye le ŋkuwò me,

eye matsɔ vivisese si mevɔna o la

anɔ nuɖusime tegbee.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-