Publicidade

Salmos 94

1 O! Yehowa, Mawu si biaa hlɔ̃,

O! Mawu si biaa hlɔ̃, klẽ.

2 Tso, o xexea me ƒe Ʋɔnudrɔ̃la,

ɖo nu si dadalawo la teƒe na wo.

3 O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi

ame ̃ɖi la atso aseye?

4 Wole nya tovowo gblɔm,

eye dada ame ̃ɖiwo katã me fũu.

5 O! Yehowa, wogbã dukɔ la nyanyanya,

wote domenyinu la ɖe to.

6 Wowu ahosiwo kple amedzrowo,

eye wowu tsyɔ̃eviwo .

7 Wogblɔ be, "Yehowa mele ekpɔm o,

Yakob ƒe Mawu la metsɔ ɖeke le eme o."

8 Mikpɔ nyuie, mi gegeme siwo le dukɔ la me,

mi bometsilawo, ɣe ka ɣi miadze nunya?

9 Ɖe eya ame si to la mase nu oa?

Ɖe eya ame si ŋku la makpɔ nu oa?

10 Ɖe eya ame si hea to na dukɔwo la mahe to oa?

Ɖe eya ame si fiaa nu ame la, ahiã na nunya?

11 Yehowa nya amegbetɔ ƒe susu,

eye wònya be tofloko ko wònye.

12 O, Yehowa, woayra ame si nèhe to na,

ame si nèfia nui tso se la me,

13 eye nèna gbɔdzɔe tso dzɔgbevɔ̃eŋkekewo me,

va se ɖe esime wòɖe ʋe na ame ̃ɖiwo.

14 Elabena Yehowa magbe eƒe dukɔ la o,

eye magblẽ eƒe domenyinu ɖi o.

15 Woagaɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ anyi ɖe dzɔdzɔenyenye dzi,

eye ame siwo katã ƒe dzi to ɖeka la adze eyome.

16 Ame ka atso ɖe ame ̃ɖiwo ŋu nam?

Ame ka atsi tsitre ɖe nu tovo wɔlawo ŋu ɖe nunye?

17 Ɖe menye Yehowae kpe ɖe ŋunye o la,

anye ne eteƒe madidi o la, manɔ ɖoɖoezizi me le tsiẽƒe.

18 Esi medo ɣli be,

"Nye afɔ le ɖiɖim" la, lɔlɔ̃,

O! Yehowa, de megbe nam.

19 Esi dzitsitsi menye la,

akɔfaname he dzidzɔ na nye luʋɔ.

20 Ɖe fiazikpui madzɔmadzɔ

si hea hiãkame to

eƒe sededewo me la ate ŋu ade ha kpli wòa?

21 Wowɔa ɖeka ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu,

eye wotsoa kufia na ame maɖifɔ.

22 Gake Yehowae nye nye sesẽ,

nye Mawu kple agakpe si nye nye sitsoƒe.

23 Aɖo woƒe nu ̃wo teƒe na wo,

eye wòatsrɔ̃ wo le woƒe ̃ɖinyenye ta, ɛ̃,

Yehowa, míaƒe Mawu la atsrɔ̃ wo.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-