Publicidade

Salmos 61

David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu.

1 Se nye ɣlidodo, O Mawu,

eye nàlé to ɖe nye gbedodoɖa ŋu.

2 Meyɔ tso anyigba ƒe mlɔenu,

meyɔ , esi nu te nye dzi ŋu belibelibeli;

azɔ kplɔm yi ɖe agakpe si wum la dzi,

3 elabena wòe nye nye sitsoƒe

kple sesẽ, le futɔ la ta.

4 Medi vevie be manɔ agbadɔ me tegbee,

eye mabe ɖe aʋala ƒe fafaƒe. Sela

5 O! Mawu, èse nye adzɔgbeɖeɖewo,

eye nètsɔ ame siwo ̃a ŋkɔ la ƒe domenyinu nam.

6 Dzi fia la ƒe agbemeŋkekewo ɖe edzi ,

eƒe ƒewo nasɔ gbɔ be wòakpɔ dzidzime geɖewo.

7 Neɖu fia le Mawu ŋkume tegbee,

eye na lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nakpɔ eta.

8 Ekema madzi kafukafuha na ŋkɔ tegbee,

eye maxe nye adzɔgbeɖefewo gbe sia gbe.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-