Superação
Superar desafios, dificuldades e tentações faz parte da caminhada cristã. A Bíblia nos garante que, em Cristo, somos mais que vencedores em todas as circunstâncias.
Vitória em Cristo
Jesus já venceu o mundo. Nele temos coragem, paz e a certeza de que nenhuma adversidade poderá nos derrotar definitivamente.
Megblɔ nu siawo katã na mi be miakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexe sia me la, miato fukpekpe geɖewo me, gake milé dzi ɖe ƒo, elabena meɖu xexea me dzi."
Megblɔ nu siawo katã na mi be miakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexe sia me la, miato fukpekpe geɖewo me, gake milé dzi ɖe ƒo, elabena meɖu xexea me dzi."
Gake le nu siawo katã me la, míeɖu dzi glo le ame si lɔ̃ mí la me.
Míeda akpe na Mawu le esiawo katã ta! Eyae wɔ mí dziɖulawoe to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi!
Míeda akpe na Mawu le esiawo katã ta! Eyae wɔ mí dziɖulawoe to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi!
Elabena ame si wodzi le Mawu me la ɖu xexea me dzi. Míaƒe xɔsee nye nu si ɖu xexea me dzi.
Esiae nye lɔlɔ̃ na Mawu: be woawɔ eƒe seawo dzi, elabena eƒe sewo mesesẽ o. Elabena ame si wodzi le Mawu me la ɖu xexea me dzi. Míaƒe xɔsee nye nu si ɖu xexea me dzi. Ame kae nye ame si ɖu xexea me dzi? Ame si xɔe se be Yesue nye Mawu Vi la koe.
Ame kae nye ame si ɖu xexea me dzi? Ame si xɔe se be Yesue nye Mawu Vi la koe.
Woɖu edzi to Alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi me.
Womelɔ̃ woƒe agbe nenema gbegbe be woayi sisi ge le ku nu o,
Superando o mal com o bem
O cristão vence o mal não com violência, mas com o bem. O amor, a fé e a perseverança são as armas da superação.
Mègana nu vɔ̃ naɖu dziwò o, ke boŋ tsɔ nu nyui wɔwɔ ɖu nu vɔ̃ dzii.
Mègana nu vɔ̃ naɖu dziwò o, ke boŋ tsɔ nu nyui wɔwɔ ɖu nu vɔ̃ dzii.
Kekeli la klẽ ɖe viviti me, eye viviti la mete ŋu ɖu edzi o.
Ke akpe na Mawu be to nu si Kristo wɔ me la, míekpɔ dziɖuɖu eye míekaka nyanyui la abe ami ʋeʋĩ si ʋẽna lĩlĩlĩ ene ɖe amewo dome le afi sia afi si míeyi.
Nu si mietsɔ ke ame aɖe la, nye hã metsɔe kee, eye edze be nye hã matsɔe ke le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ me hena miaƒe nyonyo ko. Susu bubu si ta wòdze be miatsɔ nu vɔ̃ ake amewo ɖo lae nye be miaxe mɔ na Satana be wòagaɖu mia dzi, ahe tɔtɔ va mia dome o, elabena mí katã míedze si ale si wòdi be yeade zitɔtɔ hamewo domee.
Mana ame si ɖu dzi la nanɔ nye axadzi le nye fiazikpui dzi abe ale si nye hã meɖu dzi, eye mele Fofonye gbɔ le eƒe fiazikpui dzi ene.
Mana ame si ɖu dzi la nanɔ nye axadzi le nye fiazikpui dzi abe ale si nye hã meɖu dzi, eye mele Fofonye gbɔ le eƒe fiazikpui dzi ene.
Ame si ɖu dzi la hã anɔ abe wo ameawo ene, anɔ awu ɣi me. Nyematutu eƒe ŋkɔ ɖa le agbegbalẽa me gbeɖe o, ke boŋ maʋu eƒe ŋkɔ me le Fofonye kple eƒe mawudɔlawo ŋkume.
Força e coragem divina
Deus é nosso escudo e fortaleza. Quando o medo tenta nos paralisar, a presença do Senhor nos fortalece e nos encoraja a prosseguir.
Yehowae nye nye kekeli kple nye ɖeɖe.
Ame ka mavɔ̃?
Yehowae nye mɔ sesẽ na nye agbe,
ame ka adzi ŋɔ nam?
O, Yehowa, ke wò la, ènye akpoxɔnu ƒo xlãm;
ètsɔ ŋutikɔkɔe kɔ ɖe dzinye, eye nèkɔ nye ta dzi.
Nyemeɖo ŋu ɖe nye aŋutrɔ ŋu o,
eye nye yi mehe dziɖuɖu vɛ nam o,
ke boŋ èna míeɖu míaƒe ketɔwo dzi,
eye nèna ŋukpe lé míaƒe adikatɔwo.
Míetsɔ Mawu ƒo adegbe ŋkeke blibo la,
eye míakafu wò ŋkɔ tegbetegbe. Sela
O! Yehowa, ɖe mí, o Yehowa,
na wòadze edzi na mí dzro.
Woayra ame si gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me.
Míeyra wò tso Yehowa ƒe aƒe me.
Miyi miaxɔe abe ale si wògblɔ na mí ene. Migavɔ̃ o. Migake ɖi gɔ̃ hã o."
Yehowa, mia Mawu la le yiyim kpli mi! Awɔ aʋa kple futɔ la na mi, eye wòana miaɖu dzi!’
Àna be ame si ƒe susu ku ɖe ŋuwò la
nanɔ ŋutifafa gã aɖe me,
elabena eɖo ŋu ɖe ŋuwò.
Mate ŋu awɔ nu sia nu to eya, ame si doa ŋusẽm la me.
Vinye lɔlɔ̃awo, miawo ya la, mienye Mawu viwo, eye mieɖu aʋatsonyagbɔɖila siawo dzi; elabena Gbɔgbɔ si le mia me la tri akɔ wu esi le xexea me.
Vinye lɔlɔ̃awo, miawo ya la, mienye Mawu viwo, eye mieɖu aʋatsonyagbɔɖila siawo dzi; elabena Gbɔgbɔ si le mia me la tri akɔ wu esi le xexea me.
Resistindo a tentação
A armadura de Deus nos protege contra as investidas do mal. Resistir ao diabo, vigiar e orar são essenciais para a superação espiritual.
Mlɔeba la, misẽ ŋu le Aƒetɔ la me kple Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ triakɔ si le mia me la. Mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã be miate ŋu anɔ te ɖe Abosam ƒe ɖoɖowo kple ayemenu siwo wòɖo ɖe mia ŋuti la nu. Elabena míele aʋa wɔm kple ŋutilã kple ʋu o, ke boŋ kple dziɖulawo, ŋusẽtɔwo, xexe sia me vivitimeŋusẽwo kpakple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me.
Eya ta mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã be ne ŋkeke vɔ̃ la ɖo la, miate ŋu anɔ te ɖe futɔ la nu, eye ne miewɔ aʋa la vɔ la, miaganɔ te sesĩe.
Minɔ te sesĩe, mitsɔ nyateƒe la bla ali dzi, eye miatsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtablanu la atsyɔ akɔta, eye mido afɔkpa siwo ana mianɔ klalo na gbeƒãɖeɖe ŋutifafanyanyui la. Kpe ɖe esiawo katã ŋu la, milé xɔse ƒe akpoxɔnu la ɖe asi, elabena eyae miatsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe aŋutrɔ siwo le abe dzo ƒe aɖewo ene lae. Mitsɔ xɔxɔkpɔkpɔ ɖɔ abe gakuku ene, eye milé Gbɔgbɔ la ƒe yi si nye Mawu ƒe nya la ɖe asi.
Wofia nu mi ku ɖe miaƒe agbenɔnɔ xoxo la ŋuti, be miaɖe asi le agbenɔnɔ xoxo la ŋuti, agbe si le tsɔtsrɔ̃mɔ dzi, to eƒe beblenudzodzrowo me. Ele be miaƒe nɔnɔme kple miaƒe susuwo nanɔ tɔtrɔm yeyee, eye mianɔ agbe yeye si wowɔ wòle abe Mawu ene le dzɔdzɔenyenye vavã kple kɔkɔenyenye me.
Nenye be èdo dɔmedzoe la, mègawɔ nu vɔ̃ o. Mègana ɣe naɖo to ɖe wo dɔmedzoe dzi o. Mègana mɔnukpɔkpɔ Abosam o.
Eya ta mibɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Mawu te. Mitsi tsitre sesĩe ɖe Abosam ŋuti, ekema asi le mia nu. Mite ɖe Mawu ŋu kpokploe, eye eya hã atsɔ ɖe mia gbɔ. Mi, nu vɔ̃ wɔlawo, miklɔ miaƒe asiwo, eye mi ame siwo nye dzi eve me susulawo la, miklɔ miaƒe dziwo me.
Mibɔbɔ mia ɖokui na Aƒetɔ la, ekema ado mi ɖe dzi.
Woayra ame si doa dzi le tetekpɔ me la, elabena ne enɔ te va se ɖe nuwuwu la, axɔ agbefiakuku si ƒe ŋugbe Mawu do na ame siwo lɔ̃nɛ la.
Ne wote ame aɖe kpɔ la, megagblɔ be, "Mawu le teyem kpɔ o," elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖi ate Mawu kpɔ alo eya ŋutɔ hã nate ame aɖeke kpɔ o. Ke boŋ ame sia ame ƒe didi vɔ̃woe tenɛ kpɔ, eye woblea enu hehenɛ dzonae. Emegbe la, didi vɔ̃ la fɔa fu hedzia nu vɔ̃, eye ne nu vɔ̃ tsi nyuie la, edzia ku.
Miɖo ŋku edzi be susu vɔ̃ɖi siwo vaa miaƒe ta me edziedzi la, vaa ame sia ame ƒe ta me nenema ke, menye miawoe nye ame gbãtɔ siwo le nu siawo me tom o. Minya be ame geɖewo to eme va yi. Minyae hã be tetekpɔ aɖeke mesesẽ wu amegbetɔ ƒe tsɔtsɔ o. Miate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be ana ŋusẽ mi be miaɖu tetekpɔ dzi, elabena eya ŋutɔ do ŋugbe na mi, eye Mawu ya megbea eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. Afia afɔɖoƒe mi be miate ŋu ato ɖe sia ɖe me le dzigbɔɖi blibo me.
Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la, lé agbe mavɔ si woyɔ wò na, esi nèʋu eme nyuie le ɖasefo geɖewo ƒe ŋkume la me ɖe asi sesĩe.
Ame siwo dina be yewoazu hotsuitɔwo la gena ɖe tetekpɔ kple mɔtetre kple movidzɔdzɔ kple didi vɔ̃wo me, esiwo kplɔa amewo yina ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me.
Perseverança até o fim
A corrida da fé exige perseverança. Devemos lançar fora todo peso e olhar para Jesus, o autor e consumador da nossa fé.
Eya ta esi ɖaseɖilawo ƒe ha gã aɖe ƒo xlã mí ta la, mina míaɖe mɔxenu ɖe sia ɖe kple nu vɔ̃ si bla mí sesĩe la ɖa, eye mina míake duɖime si woɖo ɖi na mí la kple vevidodo.
Mibu fukpekpe gã si me wòto le nu vɔ̃ wɔlawo si me ŋu, ale be miagagbɔdzɔ, eye dzi naɖe le mia ƒo o.
Esi wònye be eya ŋutɔ kpe fu to tetekpɔ me ta la, ete ŋu kpe ɖe ame siwo tem wole kpɔ la ŋu.
Miɖu mia ɖokuiwo dzi, eye minɔ ŋudzɔ. Miaƒe futɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe tem, le nu dim ne wòavuvu la ene. Minɔ te ɖe enu, minɔ tsitre sesĩe le xɔse la me, elabena mienyae be mia nɔvi siwo le xexea me godoo la le fukpekpe mawo ke me tom.
Amenuveve katã ƒe Mawu la, ame si yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo me, le fukpekpe sue aɖe ko megbe la, ŋutɔ aɖo mi te, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mia gɔme anyi.
Miɖu mia ɖokuiwo dzi, eye minɔ ŋudzɔ. Miaƒe futɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe tem, le nu dim ne wòavuvu la ene.
Nu kae ama mí ɖa tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ gbɔ? Fuwɔame loo alo xaxa? Yometiti loo alo dɔwuamea? Amamanɔnɔ loo, dzɔgbevɔ̃e loo, alo yia?
Ke míenya be le nuwo katã me la, Mawu wɔa nu hena ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe nyui, ame siwo woyɔ le eƒe tameɖoɖo ɖi nu.
Ɛ̃, Aƒetɔ la aɖem ɣe sia ɣi tso vɔ̃wo katã me, eye wòakplɔm ayi eƒe dziƒofiaɖuƒe la me. Ŋutikɔkɔe woana Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.
Aƒetɔ la, nuteƒewɔla wònye, eya ta ado ŋusẽ mi, eye wòakpɔ mia ta tso vɔ̃ɖitɔ ƒe fuwɔame ɖe sia ɖe me.
Descanso e renovação
Jesus convida os cansados e sobrecarregados a descansar nele. Sua graça é suficiente para nos renovar em meio às tribulações.
"Mite va gbɔnye, mi ame siwo ŋu ɖeɖi te, eye agba le mia wum la, eye nye la mana miadzudzɔ.
Mite mia ɖokuiwo ɖa xaa tso galɔlɔ̃ gbɔ, eye nu si le mia si la nedze mia ŋu, elabena Mawu gblɔ be,
"Nyemaɖe asi le mia ŋu akpɔ o,
eye nyemagblẽ mi ɖi akpɔ gbeɖe o."
Elabena ŋugbe ɖe sia ɖe si Mawu do la ava me pɛpɛpɛ."
Yesu gblɔ na wo be, "Alɔ̃ dɔm mielea? Mifɔ kaba! Mido gbe ɖa be miaɖu tetekpɔwo dzi."
Ke esi woɖo teƒea la, egblɔ na wo be, "Mido gbe ɖa be tetekpɔ nagaɖu mia dzi o."
Mena ŋusẽ mi be miaɖu Futɔ la ƒe ŋusẽwo katã dzi, eye be miazɔ le dawo kple ahɔ̃wo me anye avuzi le wo dzi. Ke nu vevi aɖeke mawɔ mi o.
Minɔ ŋudzɔ, eye miado gbe ɖa be miage ɖe tetekpɔ me o. Gbɔgbɔ la le klalo, gake ŋutilã ya gbɔdzɔ."
Dzi nadzɔ wò, O Zion vinyɔnu!
Do ɣli, wò Yerusalem vinyɔnu,
kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò.
Enye dzɔdzɔetɔ, eye wòhe ɖeɖe vɛ,
ebɔbɔ eɖokui, eye wòle tedzi dom,
si nye tedzivi si nye tedzinɔ ƒe vi.
Ame si wɔa nu vɔ̃ la, enye Abosam ƒe ame, elabena Abosam le nu vɔ̃ wɔm tso gɔmedzedzea me ke. Nu si ta Mawu ƒe Vi la va ɖo lae nye be wòagblẽ Abosam ƒe nuwɔwɔwo.
Meŋlɔe na mi, vinye lɔlɔ̃awo,
Elabena wotsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mi
Le eƒe ŋkɔ la ta.
Meŋlɔe na mi, fofowo,
Elabena mienya eya ame si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me ke.
Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo,
Elabena mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.
Meŋlɔe na mi, vinye lɔlɔ̃awo,
Elabena mienya Fofo la.
Meŋlɔe na mi, fofowo,
Elabena mienya eya ame si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me ke.
Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo,
Elabena miesẽ ŋu,
Mawu ƒe nya la le mia me,
Eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.
Migalɔ̃ xexea me kple nu siwo le eme la o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexea me la, ekema melɔ̃a Fofo la o.
Alo mienya be miaƒe ŋutilãwo nye Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutilã ƒe akpa vovovowo oa? Ne ele alea la, ekema ɖe wònyo be miatsɔ Kristo ƒe ŋutilã ade ha kple ahasiwɔla tɔa? Gbeɖe, mele be wòanɔ alea o! Ɖe mienya be ame si de ha kple ahasitɔ aɖe la zu ŋutilã ɖeka kplii oa? Elabena wogblɔe be, "Wo ame evea woazu ŋutilã ɖeka." Ke ame si tsɔ eɖokui lé ɖe Aƒetɔ la ŋu la, eya kplii wozu ɖeka le gbɔgbɔ me.
Le esia ta mele gbe tem ɖe edzi na mi be miadzudzɔ ahasiwɔwɔ elabena ahasiwɔwɔ nye nu vɔ̃ si ƒoa ɖi ame ƒe ŋutilã. Eya ta ne miewɔ nu vɔ̃ sia la, miawo ŋutɔwo koe akpe fu. Nu ka ta va se ɖe fifia hã la, mienya kpɔ be miaƒe ŋutilã nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu na mi la ƒe nɔƒe eye wòle mia me ɣe sia ɣi o mahã? Miawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo menye mia tɔ o, elabena Mawu ƒle mi ho gã aɖee. Eya ta miwɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ŋu dɔ hena Mawu ƒe dodoɖedzi kple kafukafu elabena etɔwoe mienye.
Eya ta mele egblɔm be minɔ agbe le Gbɔgbɔ la me, ale be miagawɔ ɖe ŋutilã ƒe nudzodzrowo dzi o.
Elabena ŋutilã la ƒe nudzodzrowo tsi tsitre ɖe Gbɔgbɔ la ŋu, eye Gbɔgbɔ la ƒe nudzodzrowo tsi tsitre ɖe ŋutilã la ŋu. Wole avu wɔm kple wo nɔewo, ale be miate ŋu awɔ nu si miedi be miawɔ la o.