Publicidade

Salmos 44

Korah ƒe viwo ƒe nufiameha na hɛnɔ la.

1 O! Mawu, míawo ŋutɔ míesee

kple míaƒe towo, nu siwo mía fofowo gblɔ na

tso nu siwo nèwɔ na wo le woƒe ɣeyiɣiwo me le blema.

2 Ètsɔ asi nya dukɔwo,

eye nètsɔ mía fofowo ɖo wo teƒe.

Ègbã dukɔwo gudugudu,

ke èna mía fofowo ya dzi ɖe edzi.

3 Anyigba mesu wo si to

woawo ŋutɔ ƒe yi dzi loo,

alo woawo ŋutɔ ƒe alɔe ɖu dzi na wo o,

ke boŋ nuɖusi,

alɔ kple mo ƒe kekelie na wo,

elabena èlɔ̃ wo.

4 Wòe nye nye Fia kple nye Mawu,

wòe he dziɖuɖuwo na Yakob.

5 To dziwò míetutu míaƒe futɔwo do ɖe megbe,

eye to ŋkɔ me míenya avuzi le míaƒe futɔwo dzi.

6 Nyemeɖo ŋu ɖe nye aŋutrɔ ŋu o,

eye nye yi mehe dziɖuɖu nam o,

7 ke boŋ èna míeɖu míaƒe ketɔwo dzi,

eye nèna ŋukpe míaƒe adikatɔwo.

8 Míetsɔ Mawu ƒo adegbe ŋkeke blibo la,

eye míakafu ŋkɔ tegbetegbe. Sela

9 Ke azɔ la, ègbe , eye nèbɔbɔ ɖe anyi;

azɔ la, mègadona kple míaƒe aʋakɔwo o.

10 Èna míegbugbɔ ɖe megbe le míaƒe futɔwo ŋgɔ,

eye míaƒe ketɔwo ha .

11 Ètsɔ na be woavuvu abe alẽwo ene,

eye nèkaka ɖe dukɔwo dome.

12 Ètsɔ dukɔ la dzra ho kpɔtsɔe

eye mèkpɔ naneke le wo dzadzra me o.

13 Ètsɔ vlodonu na míaƒe aƒelikawo,

eye míezu alɔmeɖenu kple nu ɖikokoe na ame siwo ƒo xlã .

14 Ètsɔ lodonu le dukɔwo dome,

eye amewo ʋuʋua ta ɖe mía ŋu ne wokpɔ .

15 Nye vlododo le ŋkunye me ŋkeke blibo la,

eye ŋukpe tsyɔa mo nam,

16 ne vlodolawo, fewuɖulawo le nunye ɖiam,

elabena futɔ la ɖoe kplikpaa be yeabia hlɔ̃m.

17 Togbɔ be míeŋlɔ be,

alo da alakpa le nubabla la me o

la, èna nu siawo katã va mía dzi.

18 Míaƒe dziwo metrɔ le yowòme o,

eye míaƒe afɔwo metra le dzi o.

19 Gake ègbã gudugudu hegble ɖe amegaxiwo dome,

eye nètsɔ viviti tsiɖitsiɖi tsyɔ mía dzi.

20 Nenye ɖe míeŋlɔ míaƒe Mawu ŋkɔ be,

alo ke míaƒe abɔwo na dzromawu aɖe la,

21 ɖe Mawu manya esi wònya

dzimenu ɣaɣlawo katã oa?

22 Gake le tawò la, míekpɔa ku ŋkeke blibo la,

eye wobua abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene.

23 Nyɔ, O Aƒetɔ! Nu ka ta nèle alɔ̃ dɔm ɖo?

! Mègagbe ɖikaa o.

24 Nu ka ta nèɣla mo,

eye nèŋlɔ míaƒe hiãkame kple teteɖeanyi be ɖo?

25 Wohe ƒu ke me,

eye míaƒe ŋutilã ɖe anyigba.

26 Tso, nàxɔ na ,

ɖe le lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-