24 Miɖo ŋku edzi be esia nye se si anɔ anyi tegbetegbe na miawo ŋutɔwo kple miaƒe dzidzimeviwo. 25 Ne mieva ɖo anyigba si Yehowa ana mi dzi abe ale si wòdo ŋugbee na mi ene, ne miele Ŋutitotoŋkekenyui la ɖum, 26 eye mia viwo bia mi be, ‘Nu ka ta miele ŋkekenyui sia ɖum mahã?’ la, 27 miaɖo eŋu be, ‘Enye Yehowa ƒe mía ŋuti toto ƒe vɔsa, elabena eto Israelviwo ƒe aƒewo ŋuti, eye wòwu Egiptetɔwo.’ " Ameawo katã de ta agu, eye wosubɔ Mawu.