11 Yehowa gblɔ na Mose be, 12 "Mese woƒe liʋĩliʋĩlilĩ. Gblɔ na wo be, ‘Le fiẽ sia la, lã aka mia si; le ŋdi la, miaxɔ abolo, eye mianya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ "
13 Gbe ma gbe fiẽ la, tegliwo ƒe ha gã aɖe va do, eye woxe asaɖa la tame. Le ŋdi la, afu do ƒo xlã asaɖa la, 14 eye esi xexeme kɔ ŋdi la, nu ɣi nogonogoewo nɔ anyigba abe kpetsi ene. 15 Esi Israelviwo kpɔ wo la, wobia wo nɔewo be, "Nu kawoe nye esiawo?" Elabena womenya nu si wonye o. Mose gblɔ na wo be, "Esiawoe nye abolo si Yehowa na mi be miaɖu.