5 Nu si va dzɔe nye be Fia Farao ƒe vinyɔnu, va tsi le ge le Nil tɔsisi la me. Esi eya kple eƒe dɔlanyɔnuwo nɔ zɔzɔm le tɔsisi la to la, ekpɔ kusi la le aƒlawo me. Edɔ eƒe dɔlanyɔnuawo dometɔ ɖeka ɖa be wòakɔe vɛ. 6 Eʋu kusi la, eye wòkpɔ vidzĩ la le eme! Ɖevi la nɔ avi fam, nu sia wɔ dɔ ɖe fiavinyɔnu la dzi, eye wògblɔ be, "Ɖevi sia nye Hebri ŋutsuviawo dometɔ ɖeka."
7 Vidzĩ la nɔvinyɔnu te ɖe fiavinyɔnu la ŋu, eye wòbiae be, "Mayi ɖayɔ Hebri nyɔnuawo dometɔ ɖeka wòanyi ɖevi sia na wòa?"
8 Fiavinyɔnu la ɖo eŋu be, "Ɛ̃, yi!" Ale nyɔnuvi la ƒu du yi aƒe me, eye wòyɔ vidzĩa dadaa vɛ! 9 Fiavinyɔnu la gblɔ na vidzĩa dadaa be, "Kɔ vidzĩ sia yi aƒe me, na noe nam, eye maxe fe si adze ŋuwò la na wò!" Ale vidzĩ la dada kɔe yi aƒe me, eye wòkpɔ edzi nyuie.