3 "Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o.
4 Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò ɖe nu siwo le dziƒo alo le anyigba dzi alo le atsiaƒu me la ƒe nɔnɔme me o. 5 Mègade ta agu na wo alo asubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ame siwo léa fum la ƒe viwo va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi, 6 Ke meɖea nye lɔlɔ̃ fiaa dzidzime akpe nane siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye seawo dzi.
7 Mègayɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ dzodzro o, elabena Yehowa magbe tohehe na ame siwo yɔa eƒe ŋkɔ dzodzro la o.
8 Ɖo ŋku Dzudzɔgbe la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe. 9 Wɔ wò dɔwo katã le ŋkeke ade me. 10 Ke ŋkeke adrelia nye dzudzɔgbe le Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Mele be wò ŋutɔ, viwò ŋutsu alo viwò nyɔnu, wò kluvi alo wò kosi, wò nyi alo wò amedzro gɔ̃ hã nawɔ dɔ aɖeke ƒomevi gbe ma gbe o, 11 elabena le ŋkeke ade mee Yehowa wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me, eye wòdzudzɔ le ŋkeke adrelia gbe, eya ta Yehowa yra Dzudzɔgbe la, eye wòwɔe kɔkɔe.
12 Bu fofowò kple dawò be nànɔ agbe didi le anyigba si Yehowa, wò Mawu la ana wò la dzi.
13 Mègawu ame o.
14 Mègawɔ ahasi o.
15 Mègafi fi o.
16 Mègaɖi aʋatsoɖase ɖe hawòvi ŋuti o.
17 Mègabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe, alo srɔ̃a alo eƒe dɔlaŋutsu alo dɔlanyɔnu alo eƒe nyiwo alo eƒe tedziwo loo alo nu sia nu si nye etɔ la ƒe ɖeke ŋu o."