11 Ke Mose ɖe kuku na Yehowa, eƒe Mawu la be megawɔ nenema o. Eɖe kuku be, "Yehowa, nu ka ta nèdo dɔmedzoe helĩhelĩ ale ɖe wò ŋutɔ wò dukɔ si nèkplɔ tso Egiptenyigba dzi kple ŋusẽ gã kple nukunu triakɔ mawo tɔgbi la ŋu? 12 Ɖe nèdi be Egiptetɔwo nagblɔ be, ‘Mawu ble wo be woava toawo dzi ale be yeate ŋu awu wo, atsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ’ mahã? Ɖe asi le wò dɔmedzoe sesẽ la ŋu. Trɔ wò susu, eye mègahe dzɔgbevɔ̃e va wò amewo dzi o. 13 Ɖo ŋku wò ŋutɔ wò ŋugbe si nèdo na wò dɔlawo, Abraham, Isak kple Israel la dzi, elabena ètsɔ wò ŋutɔ wò ŋkɔ ka atam be, ‘Mana miaƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba sia katã si ŋugbe medo la ana miaƒe dzidzimeviwo tegbetegbe.’ "
14 Ale Yehowa trɔ eƒe tameɖoɖo la, eye wòkpɔ nublanui na wo.