Pular para o conteúdo
Publicidade

Êxodo 4

Dzesiwo na Mose

1 Ke Mose gblɔ be, "Womaxɔ dzinye ase o! Womawɔ nu si magblɔ na wo be woawɔ o. Woagblɔ be, Yehowa meɖe eɖokui fia o!’ "

2 Yehowa biae be, "Nu kae nye ema le asiwò?"

Mose ɖo eŋu be, "Alẽkplɔla ƒe atikplɔe."

3 Yehowa gblɔ be, "Ɖe asi le eŋu da ɖe anyigba."

Mose ɖe asi le eŋu da ɖe anyigba, eye wòtrɔ zu da; tete Mose si le egbɔ. 4 Yehowa gblɔ be, "eƒe asike!" Mose da la ƒe asike, eye wògazu atikplɔ ɖe esi! 5 Yehowa gblɔ be, "esia ekema woaxɔ dziwò ase, ekema woadze sii be Yehowa, wo fofowo, Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawue ɖe eɖokui fia nyateƒe."

6 Azɔ Yehowa gblɔ be, "Tsɔ asi de axatome." Eye Mose tsɔ eƒe asi de axatome. Esi wòɖe asi ɖa la, eƒe asi dze kpodɔ hefu kpĩi.

7 Yehowa gagblɔ be, "Gatsɔ asi de axatome." Esi wògawɔ esia, eye wògaɖe asi ɖa la, dɔvɔ̃ɖi la bu le eŋu; eƒe asi ganɔ abe tsã ene!

8 Yehowa gblɔ be, "Ne womexɔ nukunu gbãtɔ dzi se o la, woaxɔ evelia dzi ase. 9 Ne womeɖo to le dzesi eve siawo megbe o la, ekema ku tsi tso Nil tɔsisi la me ɖe anyigba ƒuƒui dzi, eye wòatrɔ azu ʋu."

10 Ke Mose ɖe kuku na Yehowa be, "O, nye Aƒetɔ, nyemeƒoa nu nyuie o. Nyemeƒo nu nyuie kpɔ o; nyemenye nuƒola nyui aɖeke fifia o, togbɔ be èƒo nu nam ̃ , elabena nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋu tututu o."

11 Yehowa biae be, "Ame kae nuwo na amewo? Menye nye, Yehowae oa? Ame kae aɖetututɔ alo tokunɔ, alo nukpɔla, alo ŋkuagbãtɔ? Alo menye nye Yehowae oa? 12 Azɔ la, yii, elabena makpe ɖe ŋuwò be nàƒo nu nyuie, eye magblɔ nu si nàgblɔ la na ."

13 Ke Mose gagblɔ be, "Aƒetɔ, meɖe kuku, ɖo ame bubu aɖe ɖa."

14 Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Mose ŋu, eye wògblɔ be, "Enyo, nɔviwò Aron, Levitɔ la, ƒoa nu nyuie, egbɔna ava di le afi sia. Akpɔ dzidzɔ ŋutɔ ne ekpɔ , 15 eya ta magblɔ nu si nàgblɔ la na . Makpe ɖe mi ame evea ŋu be miaƒo nu nyuie, eye magblɔ nu si miagblɔ la na mi. 16 Eyae anɔ tewòƒe, eye wòaƒo nu na ameawo. la, ànɔ abe Mawu ene, 17 gake tsɔ atikplɔ la ɖe asi ale be nàte ŋu awɔ nukunu siwo mefia la kplii."

Mose trɔ yi Egipte

18 Mose trɔ yi aƒe me; edzro nya la me kple toa, Yetro, hegblɔ be, "Meɖe kuku, ɖe nam matrɔ ayi nye ƒometɔwo gbɔ le Egipte ne makpɔe ɖa be wogale agbe mahã?"

Yetro ɖo eŋu be, "Yi faa, nye yayrawo le yowòme."

19 Hafi Mose nadzo le Midian la, Yehowa gblɔ be, "Trɔ nàyi Egipte, elabena ame siwo katã di be yewoawu la, ku xoxo."

20 Ale Mose kplɔ srɔ̃a kple via ŋutsuviwo da ɖe tedzi dzi, eye wòdze yina ɖe Egipte. Elé "Mawu ƒe atikplɔ" la ɖe asi goŋgoŋgoŋ!

21 Yehowa gblɔ be, "Ne èɖo Egipte la, ele na be nàdo ɖe Farao ŋkume, eye nàwɔ nukunu siwo mena ŋusẽ be nàwɔ. Ke mana wòasẽ dzi me: maɖe asi le ameawo ŋu be woadzo o. 22 Ekema, ele na be nàgblɔ na Farao be, Yehowa be, Israel dukɔ lae nye nye ŋutsu ŋgɔgbevi. 23 Meɖoe na be nàna wòadzo aɖasubɔm, ke ègbe toɖoɖo. Kpɔ ɖa, mawu ŋgɔgbevi.’ "

24 Esi Mose kple srɔ̃a kpakple wo viwo mɔa zɔm la, wotsi teƒe aɖe . Yehowa ɖe eɖokui fia Mose, eye wòdo ŋɔdzi be yeawui.

25 Ke Zipora tsɔ kpe ɖaɖɛ aɖe via ƒe aʋanuyi, eye wòtsɔe ka Mose ƒe afɔwo ŋu hegblɔ be, "Nyateƒee, ènye ʋuŋugbetɔsrɔ̃ nam." 26 Ale Yehowa ɖe asi le eŋu. (Ɣe ma ɣie Zipora gblɔ be, "Ʋuŋugbetɔsrɔ̃," eye nu si gblɔm wòle lae nye aʋatsotso.)

27 Azɔ la, Yehowa gblɔ na Aron be, "Yi gbedzi ne nàkpe Mose." Ale Aron yi Mawu ƒe to, Horeb gbɔ ɖado go Mose le afi ma, eye wògbugbɔ nu .

28 Mose gblɔ nu siwo Yehowa ɖo na wo be woawɔ kple nya siwo woagblɔ la na Aron. Eƒo nu tso nukunu siwo woawɔ le Farao ŋkume la ŋu .

29 Ale Mose kple Aron wotrɔ va Egipte. Wowɔ takpekpe kple Israel ƒe dumegãwo. 30 Aron gblɔ nu siwo Yehowa gblɔ na Mose la na wo, eye Mose nukunuawo wokpɔ. 31 Dumegãwo xɔe se be Yehowae ɖo wo ɖa nyateƒe. Esi wose be Yehowa va kpɔ wo ɖa, kpɔ woƒe nublanuitɔnyenye, eye wòɖo ta me be yeaɖe wo la, wode ta agu, eye wosubɔe.

Veja também