5 Ke woƒo nu ɖee le míaƒe dzidadawo ta.
Wogbãe gudugudu ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta.
Tohehe si he ŋutifafa vɛ na mí la le eya amea dzi,
eye eƒe abi siwo wòxɔ la yɔ dɔ mí.
6 Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene.
Mía dometɔ ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ;
ke Yehowa tsɔ mí katã ƒe nu vɔ̃wo da
ɖe eya amea dzi.
7 Wotee ɖe to, eye wòkpe fu, gake meke nu o.
Wokplɔe abe alẽ ene yina wuwu ge.
Ezi ɖoɖoe kpoo abe alẽ si le
eƒe fukolawo ŋkume la ene, eye meke nu o.