Publicidade

Isaías 55

1 "Miva, mi ame siwo katã tsikɔ le wuwum.

Miva tsi gbɔ, eye mi ame siwo si ga mele o,

miva ƒle nu ne miaɖu!

Miva dze wain kple nyinotsi,

menye kple ga o,

ke boŋ femaxee.

2 Nu ka ta miagblẽ ga ɖe nu si menye abolo o la ŋuti,

eye miagblẽ miaƒe ɣeyiɣi ɖe nu

si meɖia ƒodo o la ŋuti?

Miɖo to, miɖo tom ne miaɖu nu si nyo,

eye miaƒe luʋɔ akpɔ dzidzɔ ɖe

nuɖuɖu nyuitɔ kekeake ŋuti.

3 Miɖo to ne miava gbɔnye.

Miɖo tom be miaƒe luʋɔ nanɔ agbe.

Mabla nu mavɔ kpli mi,

elabena metsɔ nye lɔlɔ̃ si meʋãna o

la do ŋugbee na David.

4 Kpɔ ɖa, metsɔe wɔ ɖasefoe na dukɔwo be

wòanye kplɔla kple aʋafia na dukɔwo.

5 Le nyateƒe me,

miayɔ dukɔ siwo mienya o la aƒo ƒu,

eye dukɔ siwo mienya o

la aɖe abla ava mia gbɔ le Yehowa,

miaƒe Mawu, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la,

ta, elabena eyae ɖo atsyɔ̃ na mi!"

6 Midi Yehowa zi ale si miate ŋu ake ɖe eŋu.

Miyɔe zi ale si wòtsɔ ɖe mia gbɔ.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-22_10-02-25-