2 ne maɖe gbeƒã.
Yehowa ƒe dɔmenyo ƒe ƒe la
kple míaƒe Mawu la ƒe hlɔ̃biaŋkeke,
eye mafa akɔ na konyifalawo.
3 Edɔm be mana nu Zion ƒe nuxalawo,
ne maɖɔ atsyɔ̃fiakuku na wo ɖe dzofi teƒe,
dzidzɔkpɔkpɔ ƒe ami ɖe nuxaxa teƒe,
kafukafu ƒe awu ɖe gbɔgbɔ
si bu mɔkpɔkpɔ teƒe.
Woayɔ wo be dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo,
ati siwo Yehowa ŋutɔ do,
be yeatsɔ aɖe yeƒe bubu afiae.