Pular para o conteúdo
Publicidade

Hiob 16

Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo

1 Hiob ɖo eŋu be,

2 "Mese nya siawo tɔgbi wòsɔ gbɔ,

akɔfala gbɔlowo ko mi katã mienye!

3 Miaƒe nuƒo legbe, gɔdɔ̃gɔdɔ̃awo mawu nu akpɔ oa?

Nu kae le mia vem be miegale nyahehe dzi kokoko?

4 Nenye miawoe le tenyeƒe la,

nye maƒo nu abe miawo ke ene,

agblɔ nyatinyatiwo ɖe mia ŋu

eye maʋuʋu ta ɖe mia ŋu.

5 Maƒo nu ade dzi ƒo na mi

eye akɔfanya siwo ado tso nunye la ana miaƒe dzi adze eme.

6 "Gake ne meƒo nu la,

nye vevesesewo dzi maka ɖe kpɔtɔ o

eye ne medzudzɔ la,

veveseseawo medzona o.

7 O Mawu, vavãe èna mevɔ le eme keŋkeŋ

eye nètsrɔ̃ nye aƒekɔ la katã.

8 Èna meɖi ku, keŋ eye wòzu ɖaseɖiɖi,

nye kuɖiɖi tsi tsitre hezu ɖasefo ɖe ŋunye.

9 Yehowa ƒom, hevuvum le eƒe dziku me

eye wòɖu aɖukli ɖe ŋunye,

nye ketɔ ŋku ɖaɖɛwo ɖe dzinye.

10 Amewo ke woƒe nuwo baa hedo ɣli ɖe tanye.

Woƒo tome nam fewuɖutɔe

eye wowɔ ɖeka ɖe ŋunye.

11 Mawu dem asi na ame ̃ɖiwo

eye wòkɔm ƒu gbe ɖe ŋutasẽlawo ƒe fego me.

12 Nuwo edzi dzem nam nyuie gake ekakam.

Elé kɔʋume nam hegbãm gudugudugudu.

Etsɔm ade si minyam wòle,

13 eƒe aŋutrɔdalawo ɖe to ɖem.

Eŋɔ nye ayikuwo nublanuimakpɔmakpɔtɔe

eye wòna nye vevego gbã hekɔ ɖe anyigba.

14 Eva ƒo ɖe dzinye enuenu

eye wòlũ ɖe dzinye abe kalẽtɔ ene.

15 "Metɔ akpanya hetsyɔ na nye ŋutilã

eye metsɔ nye mo de ke me.

16 Avifafa na nye mo biã dzẽe,

vɔvɔli ƒo xlã nye ŋkuwo,

17 evɔ nye asiwo mewɔ nu tovo aɖeke o

eye nye gbedodoɖa dza hafi.

18 "O, anyigba, mègatsyɔ nye ʋu dzi o

eye ɖoɖoe megazi le nye ɣlidodo nu o!

19 Azɔ ̃ la, nye ɖasefo le dziƒo

eye nye nyaxɔɖeakɔla le afi ma.

20 Tanyeʋlila nye ̃nye,

esi nye ŋkuwo le aɖatsi ɖuɖum na Mawu.

21 Eɖea kuku na Mawu ɖe ame ta

abe ale si ame ɖea kuku ɖe xɔlɔ̃a tae ene.

22 "Ƒe ʋɛ aɖewo koe ava yi

hafi madze ayi demagbɔnugbe.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também