Pular para o conteúdo
Publicidade

Hiob 40

1 Yehowa gblɔ na Hiob be,

2 "Ɖe ame si le nya hem kple Ŋusẽkatãtɔ la aɖɔe ɖoa?

Ame si tsɔ nya ɖe Mawu ŋu la neɖo eŋu !"

3 Tete Hiob ɖo eŋu na Yehowa be,

4 "Aleke nye ame si medze o

la maɖo nya ŋu na wòe?

Metsɔ nye asi ɖo nye nu.

5 Meƒo nu zi ɖeka

gake nyemekpɔ ŋuɖoɖo o;

meƒo nu zi evelia

eya ta nyemagaƒo nu o."

6 Tete Yehowa ƒo nu na Hiob tso ahom me be,

7 "Bla ali dzi abe ŋutsu ene,

mabia nya eye nàɖo eŋu nam.

8 "Ɖe nàdo vlo nye afiatsotsoa?

Ɖe nàbu fɔm, atso na ɖokuiwòa?

9 Ɖe abɔ le abe Mawu ene

eye gbe ate ŋu ablu abe etɔ enea?

10 Ekema tsɔ ŋutikɔkɔe kple atsyɔ̃ ɖɔ na ɖokuiwò

eye nàtsɔ bubu kple gãnyenye ado na ɖokuiwò.

11 Trɔ dɔmedzoe ƒe nuwɔwɔ ɖi bababa,

nye kpɔ dadala ɖe sia ɖe eye nàhee aƒu anyi.

12 Nye kpɔ dadala ɖe sia ɖe ne nàbɔbɔe ɖe anyi

eye nàgbã ame ̃ɖiwo ɖe afi si wole.

13 Ɖi wo katã ɖe ke me

eye nàɣla woƒe mo ɖe yɔdo me.

14 Ekema nye ŋutɔ maʋu eme na be,

ŋutɔ ɖusibɔ axɔ na .

15 "Kpɔ atiglinyi si mewɔ kpe ɖe ŋutiwò la ɖa,

eɖua gbe abe nyi ene.

16 Eƒe ŋusẽ le alime eye ŋusẽ kae nya si le

eƒe ƒodo ƒe lãmekawo me!

17 Eƒe asike le nyenyem abe sedati ene,

eƒe atagbomekawo ge ɖe wo nɔewo me.

18 Eƒe ƒuwo le abe akɔbliga si me do le la ene

eye eƒe afɔtiwo le abe gakpo ene.

19 Eyae nye gbãtɔ le Mawu ƒe nuwɔwɔwo dome

gake Ewɔla ate ŋu azɔ ɖe edzi kple yi.

20 Togbɛwo tsɔa woƒe kutsetsewo

eye gbemelãwo katã fena le egbɔ.

21 Emlɔa anyi ɖe ati dama te

eye wòɣlaa eɖokui ɖe aƒla siwo le sime la me.

22 Atiawo doa vɔvɔli ɖe edzi heɣlanɛ

eye keti siwo le tɔʋuwo to la ƒoa xlãe.

23 Ne tɔwo dze agbo la, dzika metsoa eƒo o

eye togbɔ be Yɔdan tɔsisi le ƒoƒom ɖe eƒe nu dzi la,

eɖea dzi ɖi bɔkɔɔ.

24 Ɖe ame aɖe ate ŋu alée

kple eƒe ŋku alo aɖo ,

ahaŋɔ eƒe ŋɔtia?

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também