Nuwunyawo
7 Esi Yehowa gblɔ nya siawo na Hiob vɔ la, egblɔ na Temanitɔ, Elifaz be, "Medo dɔmedzoe ɖe mia kple xɔ̃wò eveawo ŋu elabena miegblɔ nu si le eteƒe la tso ŋutinye abe nye dɔla Hiob ene o 8 eya ta azɔ mitsɔ nyitsu adre kple agbo adre, ne miayi ɖe nye dɔla Hiob gbɔ eye miasa numevɔ na mia ɖokuiwo. Nye dɔla Hiob ado gbe ɖa ɖe mia ta, mase eƒe gbedodoɖa eye nyemaɖo miaƒe bometsinuwo teƒe na mi o elabena mieƒo nu nyui tso ŋutinye abe nye dɔla Hiob ene o."