Pular para o conteúdo
Publicidade

Hiob 8

Bildad ƒo nu

1 Tete Suhitɔ, Bildad ɖo nya ŋu na Hiob be,

2 "Va se ɖe ɣe ka ɣie nànɔ nya siawo gblɔm?

nyawo nye yaƒoƒo sesẽ ɖeɖe ko.

3 Ɖe Mawu atso afia ŋkunɔa?

Ɖe Ŋusẽkatãtɔ la atrɔ nya dzɔdzɔe abua?

4 Esi viwòwo nu ̃ ɖe eŋu la,

etsɔ wo de asi na tohehe si woƒe nu ̃ dze na.

5 Gake ne àkpɔ Mawu dzi ɖa,

aƒo koko na Ŋusẽkatãtɔ la,

6 ekema ne èle dzadzɛe,

le dzɔdzɔe, fifia ̃ la,

atso le tawò eye wòagaɖo te,

ada ɖe teƒe si wòle be nànɔ.

7 gɔmedzedze anɔ sue

gake emegbe àdzi asɔ gbɔ ɖe edzi.

8 "Bia dzidzime siwo do ŋgɔ,

eye nàkpɔe ɖa be nu ka wo fofowo srɔ̃ mahã,

9 elabena míawo la, etsɔviwo míenye, míenya naneke o

eye míaƒe ŋkekewo le anyigba dzi le abe vɔvɔli ko ene.

10 Ɖe womafia nu , agblɔe na oa?

Ɖe womagblɔ nya na tso woƒe gɔmesese me oa?

11 Ɖe keti miena, tsina ƒlaluu ɖe teƒe si sii mele oa?

Ɖe aƒla awɔ nyuie ne mekpɔ tsi oa?

12 Esi wogale mumu ko eye womeɖo sisi me haɖe o

la, woyrɔna kaba wu gbe si le gbedzi.

13 Aleae wòvaa emee na ame siwo katã ŋlɔ Mawu be

eye nenemae Mawumavɔ̃lawo ƒe mɔkpɔkpɔ tsrɔ̃nae.

14 Nu si ŋu wòɖo dzi ɖo la meɖo ŋusẽ o

eye nu si wòde mee la nye yiyiɖɔ.

15 Ede me eƒe ɖɔ eye wòlã, eku ɖe eŋu,

gake etso ɖe eƒe asi me.

16 Ɖeko wòle abe ati si wode tsii nyuie le ŋdɔgbe ene

ekekea eƒe alɔwo ɖe abɔa me,

17 eƒe kewo blana ɖe agakpe geɖewo ŋu

eye wodia teƒe le kpewo dome.

18 Gake ne wohoe le enɔƒe la,

teƒe la gbea nu le egbɔ eye wògblɔna be,

Nyemekpɔ kpɔ o.

19 Vavã eƒe agbe yrɔna

eye atiku bubuwo miena ɖe eteƒe.

20 "Enye nyateƒe be Mawu megbea ame si ŋu fɔɖiɖi mele o

alo doa ŋusẽ nu ̃ɖi wɔlawo ƒe asi o.

21 Ke la, agana nukoko nayɔ nu me fũu,

eye wòatsɔ dzidzɔɣli ayɔ nuyiwo nu.

22 Ŋukpe alé futɔwo eye ame ̃ɖiwo

ƒe agbadɔwo maganɔ anyi o."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também