4 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔ na ame siwo katã mekplɔ tso Yerusalem yi ɖe aboyo mee le Babilonia, 5 "Mitso aƒewo ne mianɔ wo me, mide agble eye miaɖu emenuwo. 6 Miɖe srɔ̃ ne miadzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Miɖe srɔ̃ na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo, ale be woawo hã nadzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Midzi ɖe edzi le afi ma ke migazu ʋɛe o. 7 Gawu la, midi ŋutifafa kple dzidzedzekpɔkpɔ na du si me meɖe aboyo mi ɖo ɖo la. Mido gbe ɖa na Yehowa ɖe wo ta elabena ne eme nyo na wo la, anyo na miawo hã."
Publicidade