Pular para o conteúdo
Publicidade

Jó 11

Zofar ƒo nu

1 Naamatitɔ, Zofar ɖo eŋu na Hiob be,

2 "Ɖe woagbe nya siawo ŋu ɖoɖo na wòa?

Ɖe woabe nyawɔla sia dzɔa?

3 Ɖe nya dzodzro siawo ade ga nu na amewoa?

Ɖe ame aɖeke meli aka mo na ne èle fewu ɖum oa?

4 Ègblɔ na Mawu be

Kpɔtsɔtsɔ mele nu siwo dzi mexɔ se la ŋu o

eye medza le ŋkuwòme.

5 O, aleke medi be Mawu naƒo nu,

ne wòake eƒe nuyiwo ɖe ŋutiwò,

6 ne wòaɖe nunya ƒe nu ɣaɣlawo afia

elabena mo evee li na nunya.

Vavã, nya esia be:

Mawu ŋlɔ nu ̃wo dometɔ aɖewo be ̃ .

7 "Àte ŋu ase Mawu ƒe nya goglowo gɔmea?

Àte ŋu adzro Ŋusẽkatãtɔ la ƒe mlɔenuwo ke mea?

8 Wokɔkɔ wu dziƒowo, nu ka nàte ŋu awɔ?

Wogoglo wu tsiẽƒe ƒe gogloƒewo, nu ka nènya?

9 Wodidi wu anyigba eye wokeke wu atsiaƒu.

10 Ke ne eva do, hede gaxɔ me eye wòdrɔ̃ ʋɔnu la,

ame ka ate ŋu atsi tsitre ɖe eŋu?

11 Vavã enyaa alakpatɔwo eye ne ekpɔ nu ̃ɖi la,

ɖe medzea sii oa?

12 Gake abe ale si gbetedzi mate ŋu

adzi vi wòanye amegbetɔ o ene la,

nenema kee womate ŋu

awɔ bometsila wòazu nunyala o.

13 "Ke la, ne ètsɔ dzi blibo,

ne èwu asiwo dzi do ɖe egbɔ,

14 ne èɖe nu ̃ siwo le asi me la ɖa

eye ne mèɖe na nu ̃ɖi aɖeke be

wòanɔ agbadɔ me o la,

15 ekema àkɔ mo dzi ŋukpemanɔmee,

ànɔ te sesĩe eye mavɔ̃ o.

16 Le nyateƒe me la, àŋlɔ hiãkame be

eye àɖo ŋku edzi ko abe tsi sisi si nu va yi la ene.

17 agbe me akɔ wu ŋdɔkutsu dzati

eye viviti anɔ na abe ŋdikekeli ene.

18 Ànɔ dedie elabena mɔkpɔkpɔ li,

àtsa ŋku godoo eye àmlɔ anyi bɔkɔɔ le dedinɔnɔ me.

19 Àmlɔ anyi eye ame aɖeke mava do ŋɔdzi na o;

ale ame geɖewo ava bia amenuveve tso gbɔwò.

20 Ke ɖeɖi ate ame ̃ɖiwo ƒe ŋkuwo ŋu,

bebeƒe abu ɖe wo

eye woƒe mɔkpɔkpɔ azu kudɔƒoƒo."

Veja também