Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo
11 Esi Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo, Temanitɔ Elifaz, Suhitɔ, Bildad kple Naamatitɔ, Zofar se dzɔgbevɔ̃e siwo katã dzɔ ɖe Hiob dzi la wodze mɔ tso woƒe aƒewo me le ŋkeke si woɖo ɖi la dzi be woaɖafa nɛ eye woafa akɔ nɛ. 12 Esi wokpɔe le adzɔge la, womete ŋu dze sii o, ale wowo avi gboo kple ɣli, wodze woƒe awu ʋlayawo eye wolɔ ke kɔ ɖe tame. 13 Ale wonɔ anyi ɖe egbɔ le anyigba ŋkeke adre kple zã adre sɔŋ. Ame aɖeke mebia nya aɖekee o elabena wokpɔ ale si wònɔ veve semii.