4 "Afi ka nènɔ esi meɖo anyigba ƒe gɔmeɖokpewo anyi?
Gblɔe nam, ne èse egɔme.
5 Ame kae dzidze eƒe kekeme kple didime?
Ànyae godoo! Ame kae tsɔ dzidzeka ɖo eŋu?
8 "Ame kae do ʋɔ ɖe atsiaƒu nu
esi wòdo go kpoyi tso dadaa ƒe dɔ me
12 "Èɖe gbe na ŋdi kpɔ tso
esi wò ŋkekewo dze egɔme
alo na fɔŋli nya eƒe nɔƒe,
31 "Àte ŋu abla Atifieŋu siwo le keklẽma?
Àte ŋu atu Avutɔ ƒe kawoa?