Pular para o conteúdo
Publicidade

Jó 23

Hiob ƒe nuƒo

1 Tete Hiob ɖo eŋu be,

2 "Egbe ̃ nye konyifafa do ɖe edzi,

eƒe asi sẽ ɖe dzinye,

evɔ mele hũu ɖem hafi.

3 Nenye ɖe manya afi si makpɔe le,

nenye ɖe mayi enɔƒe la, anyo ŋutɔ!

4 Matsɔ nye nya aɖo eŋkume eye nye nu me ayɔ fũu

kple nya siwo matsɔ aɖe ɖokuinye nu

5 Ne makpɔ ale si wòaɖo eŋu nam

eye mabu nya si wòagblɔ la ŋuti.

6 Ɖe wòatsi tsitre ɖe ŋunye kple ŋusẽ aɖea?

Ao, ke boŋ aɖo tom

7 Afi ma ame dzɔdzɔe ate ŋu atsɔ eƒe nyawo aɖo eŋkume le

eye woaɖem tegbee tso nye ʋɔnudrɔ̃la ƒe asi me.

8 "Gake ne meyi ɣedzeƒe la, mele afi ma o,

ne meyi ɣetoɖoƒe la, nyemekpɔe le afi ma o.

9 Ne ele wɔm le anyiehe la, nyemekpɔnɛ o,

ne etrɔ ɖe dziehe la, nye ŋku melɔnɛ o.

10 Gake enya si dzi mele, ne edom kpɔ la,

mato eme abe sika ene.

11 Nye afɔwo le eƒe afɔtoƒewo yome kplikplikpli,

melé eƒe tsɔ eye nyemedze ɖe aga o.

12 Nyemete ɖe aga tso eƒe nuyiwo ƒe sededewo gbɔ o,

mede asixɔxɔ eƒe nyawo ŋu

wu nye gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu.

13 "Ke eya ɖekae li, ame ka ate ŋu axe ?

Nu sia nu si dze eŋu lae wòwɔna.

14 Ena se siwo wòde ɖi la va eme ɖe ŋutinye

eye ɖoɖo siawo tɔgbi gale esi ɖe ŋunye.

15 Esia ta ŋɔ dzim le eŋkume

eye ne mebu esiawo katã ŋuti la, mevɔ̃na .

16 Mawu na dzi ɖe le ƒonye,

Ŋusẽkatãtɔ la do ŋɔdzi nam.

17 Ke la, viviti la alo blukɔ tsiɖitsiɖi

si tsyɔ mo nam la mena ɖoɖoe zi le nunye o.

Veja também