Pular para o conteúdo
Publicidade

Hiob 39

1 "Ènya ɣeyiɣi si todzigbɔ̃wo dzia via?

Ènɔa eteƒe hafi zinɔ fɔa fua?

2 Èxlẽa ɣletiwo va se ɖe woƒe vidziɣia?

Ènya ɣeyiɣi si wodzia via?

3 Wodzea klo hedzia vi

eye woƒe kuléle wua nu.

4 Wo viwo tsina eye ŋusẽ ɖoa wo ŋu le gbe me,

ale wodzona eye womegagbɔna vaa wo dadaa gbɔ o.

5 "Ame kae na ablɔɖe gbetedzi?

Ame kae tu kae?

6 Metsɔ gbegbe be wòanye eƒe aƒe

kple dzeƒi gbadza la be wòanye enɔƒe.

7 Hoowɔwɔ si le edzi yim le dua me la

le kokoe ɖim eye mele tasiaɖamkula ƒe ɣlidodo sem o.

8 Etsana le togbɛwo dzi dia gbeɖuƒe

eye wòtsaa ŋu na gbe mumu ɖe sia ɖe.

9 "Ɖe to si le gbe me la alɔ̃ asubɔ wòa?

Atɔ ɖe gbeɖuƒe le mea?

10 Àte ŋu ade kae ɖe agbleŋlɔnu ŋua?

Alɔ̃ anɔ yowòme aŋlɔ balimea?

11 Ɖe nàɖo ŋu ɖe eŋu le eƒe ŋusẽ la ta?

Àtsɔ kpekpewo agble ɖe eƒe asi mea?

12 Àte ŋu aɖo dzi ɖe eŋu be atsɔ lu agbɔe na dedie

eye wòaƒoe ƒu ɖe lugbɔƒea?

13 "Golo ƒoa eƒe aʋala kpakpakpa dzidzɔtɔe

gake womate ŋu atsɔe asɔ

kple damixe ƒe fu kple aʋalã o.

14 Eɖaa eƒe azi ɖe anyigba,

enana ke xɔdzo dea dzo eme

15 eye metsɔ ɖeke le eme be,

ame aɖe ate ŋu aɖo afɔ edzi, agbãe loo,

alo wɔadã aɖe agbãe o.

16 Esẽa ŋuta le viawo ŋu abe menye eyae dzi wo o

ene eye metsɔa ɖeke le eme ne

eƒe agbagbadzedze zu vlo o.

17 Elabena Mawu mena nunyae

alo na susu nyuie o.

18 Ke la, ne ekeke aʋala me, hedze duƒuƒu gɔme la,

kple sɔdola ƒe nu ɖia kokoe .

19 "Wòe na ŋusẽ

alo wòe tsɔ kɔdza de nɛa?

20 Wòe na wòtia kpo abe ʋetsuvi ene

eye wòdoa ŋɔdzi kple eƒe ŋɔtimegbɔgbɔa?

21 Etsɔa eƒe afɔkli kaa nu ŋɔdzitɔe,

ekpɔa dzidzɔ ɖe eƒe ŋusẽ ŋu

eye wòlũna ɖe aʋakɔ dzi.

22 Vɔvɔ̃ doa nukokoe eye mevɔ̃a naneke o,

yi ̃ medoa ŋɔdzi o.

23 Aŋutrɔwo le wo nɔewo lɔm le eƒe axadzi,

nenema kee nye akplɔ siwo le dzo dam kple yi.

24 Ele anyigba ɖum esi wògli kple dzidzɔ manyagblɔ,

mate ŋu anɔ te va se ɖe esime kpẽ naɖi o.

25 Edo ɣli be, Aha!ne kpẽa ɖi.

Esea aʋa ƒe ʋeʋẽ le adzɔge ke

kple aʋakplɔlawo ƒe gbeɖeɖe kple aʋaɣli.

26 "Ɖe aʋako dzona yia dzi ʋĩi le nunya nu

eye wòkekea eƒe aʋalã heɖoa ta dziehea?

27 Ɖe ̃ dzona yia dzi ʋĩi le gbeɖeɖe nu

eye wòwɔa eƒe atɔ ɖe kɔkɔƒea?

28 Enɔa togbɛ kɔkɔ dzi eye wòtsia afi ma le me,

agakpe tsakli tomee nye eƒe bebeƒe.

29 Afi ma wòdia eƒe nuɖuɖu tsonae

eye eƒe ŋku kpɔnɛ le adzɔge ke.

30 Ʋu nye nuɖuɖu na viawo

eye afi si aʋatsilawo le la,

afi ma wònɔna."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também