Pular para o conteúdo
Publicidade

Jó 6

Hiob ƒe Ŋuɖoɖo

1 Tete Hiob ɖo eŋu be,

2 "Ne ɖe woada nye vevesese

eye woada nye fukpekpewo ɖe nudanu me ɖe!

3 Vavã woakpe wu ke si katã le ƒuta,

eya ta mewɔ nuku be nye nyawo mele ame ŋu dzem o.

4 Ŋusẽkatãtɔ la ƒe aŋutrɔwo le nye lãme,

nye gbɔgbɔ le aɖi si le dodom le wo me la nom.

Woƒo Mawu ƒe ŋɔdzidodowo nu ƒu ɖe ŋunye.

5 Ɖe gbetedzi xlɔ̃na ne ele gbe mumu gbɔ

alo nyi xlɔ̃na ne wotsɔ gbe ƒuƒu be wòaɖua?

6 Ɖe woaɖu nu vɔvɔ dzemademee

alo ɖe koklozi ƒe ɣia vivinaa?

7 Megbe be nyemaɖui o,

nuɖuɖu mawo tɔgbi ɖe wònana medzea .

8 "O, ne ɖe woana nu si mebia lam,

ne Mawu ɖe wòana nu si mele kpɔm na lam,

9 ne Mawu ɖe wòalɔ̃ agbãm gudugudu

eye wòaɖe ka eƒe asi ɖe dzinye, ahawum ɖe!

10 Ekema esia aganye akɔfafa nam ko

kple nye dzidzɔ le vevesese si nu mele tsotsom o la me be,

nyemagbe nu le Kɔkɔetɔ la ƒe nyawo gbɔ o.

11 "Ŋusẽ kae gale asinye

be maganɔ kpɔm?

Mɔnukpɔkpɔ kawoe gali ta magbɔ dzi ɖi?

12 Kpe ƒe ŋusẽe le asinyea?

Akɔblie nye nye ŋutilãa?

13 Ɖe ŋusẽ aɖe le asinye be makpe ɖe ɖokuinye ŋu,

esi azɔ la wonya dzidzedzekpɔkpɔ ɖa le ŋunyea?

14 "Ele na xɔlɔ̃wo be woakpe ɖe

ame si ƒo dzi ɖe le la ŋu

togbɔ be egbe nu le Ŋusẽkatãtɔ vɔvɔ̃ gbɔ .

15 Ke womate ŋu aɖo dzi ɖe nɔvinye ŋutsuwo ŋu o

elabena wole abe tɔʋu si miena le kuɖiɣi ene

alo abe tɔʋu si ɖɔna gbagbana,

16 ne tsikpe si le ete doe ɖe dzi,

ne sno si dza ɖe edzi la lolo

hena wòsɔ gbɔ ɖe edzi

17 gake eƒe sisi nu tsona ne kuɖiɣi ɖo

eye dzoxɔxɔ nana wòmiena la ene.

18 Asihawo ɖea asi le woƒe mɔwo ŋu hedzea gbe toa tagba

eye wokuna ɖe dzi.

19 Asiha siwo tso Tema la le tsi dim,

asigbedela siwo tso Seba la le kpɔm.

20 Ke woƒe dzi tsi dzi elabena kakaɖedzi wo si hafi

gake esi wova ɖo afi ma la, ŋukpe ko woɖu.

21 Azɔ miawo mieɖee fia be, mienye ŋudɔwɔnu aɖeke o,

miekpɔ nu si ŋu ŋɔdzi le eye mievɔ̃.

22 Ɖe megblɔ kpɔ be,

Mina nane ɖe nunye,

mixe fe ɖe tanye tso miaƒe kesinɔnuwo me,

23 miɖem le ketɔ la ƒe asi me

alo mixɔm le ŋutasẽla ƒe fegomea?

24 "Mifia num eye mazi ɖoɖoe;

mifia afi si meda ƒu le lam.

25 Aleke nyateƒenyawo mehe venae o!

Ke nu ka miaƒe nyahehewo ɖe fia?

26 Ɖe miedi be yewoaɖɔ nya si megblɔ la ɖo

eye miawɔ ame si ƒo dzi ɖe le la

ƒe nyawo abe yaƒoƒo enea?

27 Miadzidze nu ̃ ɖe tsyɔ̃eviwo dzi

eye miatsɔ mia xɔlɔ̃wo ̃ aɖɔli nue.

28 "Azɔ la, minyo me miatrɔ mo ɖe gbɔnye,

ɖe mate ŋu ada alakpa le mia ŋkumea?

29 Miɖe asi, migawɔ nu madzɔmadzɔ o

migbugbɔ bu eŋuti

elabena nye nuteƒewɔwɔ ɖo xaxa me.

30 Ɖe ̃ɖivɔ̃ɖi aɖe le nye nuyiwo dzia?

Ɖe nye nu made dzesi beble oa?"

Veja também