Publicidade

Jeremias 1

Nyagblɔɖila Yeremia ƒe agbalẽ

1 Esiawoe nye Yeremia, Hilkia ƒe vi ƒe nyawo. Hilkia nye Nunɔla siwo Anatɔt le Benyaminyigba dzi la dometɔ ɖeka. 2 Yehowa ƒe nya va le Yuda fia Yosia, Amon ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuietɔ̃lia me. 3 Egblɔ nya ɖi le Yehoyakim, Yosia ƒe vi, Yuda fia ƒe ɣeyiɣiwo me va se ɖe Yuda fia, Zedekia, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti atɔ̃lia me. Ɣe ma ɣie wokplɔ Yerusalem nɔlawo yi aboyo mee.

Woɖo Yeremia nyagblɔɖilae

4 Yehowa ƒe nya va nam be,

5 "Hafi mava me ɖe dawò ƒe me la, menya ;

hafi woava dzi la, mekɔ ŋutiwò da ɖi

eye meɖo Nyagblɔɖilae na dukɔwo."

6 Ke megblɔ be, "O, Aƒetɔ Mawu, nyemenya nuƒoƒo o eye ɖevi ko meganye."

7 Ke Yehowa gblɔ nam be, "Mègagblɔ be, Ɖevi ko menyeo. Ele na be nàyi ame sia ame si gbɔ medɔ ɖo eye nàwɔ nu sia nu si ƒe se mede na . 8 Mègavɔ̃ na wo o, elabena meli kpli be maɖe ." Yehowae gblɔe.

9 Emegbe Yehowa do eƒe asi ɖa tsɔ nu nam eye wògblɔ nam be, "Azɔ metsɔ nye nyawo de nu me. 10 Kpɔ ɖa, egbe meɖo nyagblɔɖilae na dukɔwo kple fiaɖuƒewo be nàho nu, avuvu nu, agblẽ nu, amu nuwo aƒu anyi, nàtso aƒe, eye nàdo nu."

11 Yehowa ƒe nya va nam bena, "Nu ka kpɔm nèle, Yeremia?"

Meɖo eŋu be, "Mele yevuziti ƒe alɔdze kpɔm."

12 Yehowa ƒe nya va nam be, "Èkpɔe tututu, elabena manɔ ŋute akpɔ egbɔ be nye nya va eme."

13 Yehowa ƒe nya gava nam be, "Nu ka kpɔm nèle?"

Meɖo eŋu be, "Mekpɔ ze si me tsi le fiefiem le, eye wòviã ɖe anyiehe gome."

14 Yehowa gblɔ nam be, "Gbegblẽ atso anyiehe ava ƒo ɖe anyigbadzinɔlawo katã dzi. 15 Esusɔ vie maƒo dzigbemefiaɖuƒe la me nɔlawo katã nu ƒu." Yehowae gblɔe.

"Woƒe fiawo ava li woƒe fiazikpuiwo anyi ɖe

Yerusalem ƒe agbowo nu,

woava ɖe to ɖe eƒe gliwo katã

kple Yuda duwo katã ŋu.

16 Mabu nye amewo ɖe nu ̃ɖi si wowɔ hegblẽm ɖi,

eye wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na mawu bubuwo hesubɔ nu

siwo woawo ŋutɔ kple asi la ta.

17 "Dzra ɖokuiwò ɖo! Tso kpla ne nàgblɔ nu siwo katã megblɔ na la na wo. Womegadzi ŋɔ na o, ne menye nenema o la, mado ŋɔdzi na le wo ŋkume. 18 Kpɔ ɖa, egbe mewɔ nènye du si woɖo gli sesẽwo ƒo xlãe. Mewɔ gasɔti kple akɔbliglii, be nàtsi tsitre ɖe anyigba blibo la ŋuti, ɖe Yuda fiawo, woƒe dumegãwo, nunɔlawo kple anyigbadzinɔlawo katã ŋuti. 19 Woawɔ avu kpli , gake womaɖu dziwò o, elabena meli kpli be maɖe ." Yehowae gblɔe.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_12-11-46-