Publicidade

Jeremias 18

Le zemela ƒe aƒe me

1 Esiae nye Yehowa ƒe gbe si va na Yeremia, 2 "Tso nàyi ɖe zemela ƒe aƒe me, eye le afi ma matsɔ nye gbedeasi na wo." 3 Ale meyi ɖe zemela ƒe aƒe me eye mekpɔe wònɔ wɔm le zemenu dzi. 4 Ke ze si mem wòle la gbã ɖe eƒe asiwo me, eya ta zemela la tsɔ anyi la me ze bubu ale si dze eya zemela la ŋu.

5 Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena, 6 "Yehowa be O Israel ƒe aƒe, ɖe nyemate ŋu awɔ na abe ale si zemela sia ene oa? O Israel ƒe aƒe, abe ale si anyi nɔa zemela ƒe asi me ene la, nenema miele nye asimee.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-