Pular para o conteúdo
Publicidade

Jó 10

1 "Nye agbe le ŋu nyɔm na nye ŋutɔ,

eya ta maɖe asi le nye konyifafa ŋu wòado bababa

eye maƒo nu le nye luʋɔ ƒe vevesese me.

2 Magblɔ na Mawu be, Mègabu fɔm o

gake gblɔ nu siwo nye nya nètsɔ ɖe ŋutinye la nam.

3 Ɖe wòle nuwò vivim be yele teyem ɖe to,

be nètsɔ asinudɔwɔwɔ ƒu gbe

eye nèle alɔgbɔnu kom na ame ̃ɖiwo ƒe ɖoɖowoa?

4 Ŋutilãmeŋkue le tawòa?

Ɖe nèkpɔa nu abe ale si amegbetɔ

kodzogbea kpɔa nu enea?

5 Ɖe ŋkekewo le abe kodzogbeawo ene

alo ƒewo le abe amegbetɔ ene,

6 be nàtsa adi nye vodadawo,

aku nye nu ̃wo gɔme,

7 evɔ nènya be nyemedze agɔ o

eye ame aɖeke mate ŋu axɔm le asi me oa?

8 " asiwoe wɔm eye womem.

Ɖe nàtrɔ azɔ atsrɔ̃ma?

9 Ɖo ŋku edzi be anyie nètsɔ mem.

Ɖe nàgatrɔm azɔ mazu anyia?

10 Ɖe mètrɔm ɖe anyi abe notsi ene

eye nèna mebla abe notsi babla ene oa?

11 Ɖe mèfa ayi kple lãkusi ɖe ŋunye

eye nètem ƒo ƒu ɖe nye ƒuwo

kple lãmekawo ŋuti oa?

12 Èna agbem henyo me nam

eye le ametakpɔkpɔ la ta nèdzɔ nye gbɔgbɔ ŋuti.

13 " Ke esiae nèɣla ɖe dzi me

eye menya be esia le susu me be,

14 Ne mewɔ nu ̃ la,

ŋkuwo anɔ ŋutinye

eye màgbe tohehe nam

le nye vodada ta o.

15 Ne meɖi la, baba nam!

Ne nyemeɖi o ̃ la,

nyemate ŋu afɔ mo dzi o

elabena ŋukpe menye fũu

eye menyrɔ ɖe nye vevesese me.

16 Ne mefɔ mo dzi la,

ekema èɖeam ɖe nu abe dzata ene

eye nèɖea ŋusẽ dziŋɔ la

fiana ɖe ŋutinye.

17 Èɖoa ɖasefo bubuwo ŋunye

eye nèdoa dziku ɖe ŋutinye ɖe edzi,

ale aʋakɔwo tsona ɖe ŋunye ɖe

wo nɔewo yome abe ƒutsotsoewo ene.

18 " Ke nu ka ŋuti nèna medo tso danye ƒe me?

Ɖe meku ɖe danye ƒe me la,

adzɔ dzi nam ŋutɔ,

anye ne ŋku aɖeke mekpɔm o.

19 Ɖe nyemedzɔ o alo wokɔm tso danye

ƒe me yi yɔdo mee la, ne enyo ta!

20 Ɖe nye ŋkeke ʋɛawo mewu nu kloe oa?

Ɖe mo ɖa le ŋunye ale be nye makpɔ dzidzɔ vi aɖe,

21 hafi ayi demagbɔnugbe,

ne mayi ɖe viviti kple blukɔ ƒe anyigba dzi,

22 anyigba si dzi do blukɔ kpekpekpe le,

teƒe si nye blukɔ tsiɖitsiɖi kple tɔtɔ teƒe,

afi si kekeli le ko abe viviti ene.’ "

Veja também