12 "Ke afi ka woakpɔ nunya le?
Afi ka gɔmesese nɔna?
13 Amegbetɔ mese eƒe nuvãnyenye gɔme o,
womate ŋu akpɔe le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o.
14 Gogloƒe gblɔ be,
‘Menye tɔnyee o,’
Atsiaƒu gblɔ be,
‘Mele gbɔnye o,’
15 Womate ŋu aƒlee kple sika nyuitɔ
alo woada klosalo ɖe eƒe home nu o.
16 Màte ŋu aƒlee kple sika adodoe si tso Ofir alo kple kpe xɔasiwo,
oniks kple safir o.
17 Sika alo kristalkpe masɔ kplii o
eye womatsɔ sikanuwo gɔ̃ hã aɖɔlii o.
18 Womayɔ sui kple adzagba ƒe ŋkɔwo gɔ̃ hã ɖe eŋu o
elabena nunya ƒe asixɔxɔ kɔ wu gbloti tɔ sãsãsã.
19 Womatsɔ Kuskpe xɔasi, topaz, asɔ kplii o
eye sika nyuitɔ mate ŋu aƒlee o.
20 "Ekema afi ka nunya tso?
Afi ka nye gɔmesese ƒe nɔƒe?
21 Eɣla ɖe nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒe ŋkukpɔƒe
eye woɣlae ɖe dziƒoxeviwo gɔ̃ hã.
22 Tsiẽƒe kple ku gblɔ be,
‘Nyasegblɔ tso eŋuti koe ɖo míaƒe towo me.’