10 Esi Hiob do gbe ɖa ɖe exɔlɔ̃awo ta vɔ la, Yehowa gawɔe kesinɔtɔe abe tsã ene eye wòdzi eƒe kesinɔnuwo ɖe edzi nɛ zi eve wu tsã. 11 Nɔviŋutsuwo kple nɔvia nyɔnuwo katã kple eƒe ame nyanyɛwo katã va egbɔ eye woɖu nu kplii le eƒe aƒe me. Wofa akɔ nɛ, hede dzi ƒo nɛ ɖe dzɔgbevɔ̃e siwo Yehowa he va edzii la ta eye wo dometɔ ɖe sia ɖe na klosaloga kple sikasigɛe.
12 Yehowa yra Hiob fifia wu tsã. Alẽ akpe wuiene (14,000), kposɔ akpe ade (6,000), agbleŋlɔnyi eve, eve teƒe akpe ɖeka (1,000) kple tedzi akpe ɖeka (1,000) nɔ esi. 13 Viŋutsu adre kple vinyɔnu etɔ̃ hã nɔ esi. 14 Ena ŋkɔ nyɔnuvi gbãtɔ be, Yemima, evelia be, Kezia eye etɔ̃lia be Keren Hapuk. 15 Womegakpɔ nyɔnu aɖeke le anyigba blibo la dzi wòdze tugbe de Hiob ƒe vinyɔnuwo nu o. Wo fofo na domenyinu wo ɖe wo nɔviŋutsuwo xa.
16 Le esia megbe la, Hiob nɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple blaene (140) eye wòkpɔ viawo kple woƒe viwo ƒe dzidzime ene sɔŋ. 17 Ale Hiob tsi, nɔ agbe wòde edeƒe hafi ku.