Publicidade

Jó 9

Tete Hiob ƒo nu

1 Hiob ɖo eŋu gblɔ be,

2 "Vavã menya be esia nye nyateƒe,

gake aleke amegbetɔ kodzogbea

anɔ dzɔdzɔe le Mawu ŋkumee?

3 Togbɔ be anye ame ƒe didi be

yeahe nya kplii la,

mate ŋu aɖo nya ɖeka ŋu

le nya akpe dome o.

4 Eƒe nunya de to, eƒe ŋusẽ keke ta,

ame kae tso ɖe eŋu kpɔ gbe abixɔxɔ?

5 Emli towo ɖa gake womenya o

eye wòtrɔ wo bu anyi le eƒe dziku me.

6 Eʋuʋu anyigba le enɔƒe eye wòna

eƒe sɔtiwo ʋuʋu kpekpekpe.

7 Eƒoa nu na ɣe eye meklẽna o,

etsɔa nu xea ɣletiviwo ŋkume

ale be womeklẽna o.

8 Eya ɖekae keke dziƒowo me

eye wòzɔa ƒutsotsoewo dzi.

9 Eyae ɣletivi siwo woyɔna be,

Avutɔ, Koklovinɔ kple Atifieŋu

kple dzieheɣletiviwo.

10 Ewɔ nu dzɔtsu siwo me dzodzro meli o

eye wòwɔ nukunu siwo mele xexlẽme o.

11 Ne eva to ŋunye yi la, nyemate ŋu akpɔe o,

ne etso eme va yi la, nyemate ŋu adze sii o.

12 Ne exɔ nu le ame si sesẽtɔe la,

ame kae ate ŋu aɖo asi edzi?

Ame kae ate ŋu agblɔ be,

Nu kae nye ema wɔm nèle?

13 Mawu meɖoa asi eƒe dziku dzi o,

Rahab ƒe aʋakɔwo ̃ bɔbɔ ɖe eƒe afɔ te.

14 "Eya ta aleke nye ya mate ŋu aɖe ɖeklemie?

Afi ka makpɔ nyawo le atsɔ ahe nya kplii?

15 Togbɔ be nyemedze agɔ o la,

nyemate ŋu aɖo nya ŋu o.

Kuku ko mate ŋu aɖe na nye Ʋɔnudrɔ̃la be

wòakpɔ nublanui nam.

16 Ne meyɔe eye wòtɔ nam ̃ la,

nyemebu be aɖo tom o.

17 Atsɔ ahomya agbãm gudugudu

eye wòadzi nye abiwo ɖe edzi dzodzro.

18 Maɖe nam be magakpɔ gbɔdzɔe o,

ke boŋ ana vevesese nakpɔ ŋusẽ ɖe dzinye.

19 Ne ŋusẽ ƒe nya wònye la, kpɔ ɖa,

ŋusẽtɔe wònye!

Ke ne enye ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe nya la,

ame kae akplɔe ayi ʋɔnui?

20 Ne nyemeɖi o ̃ la, nye nu abu fɔm,

eye ne nyemedze agɔ o la, abu fɔm.

21 "Togbɔ be nyemeɖi o la,

nyemetsɔ ɖeke le eme na ɖokuinye o

eye medo vlo nye ŋutɔ nye agbe.

22 Wo katã le ɖeka eya ta megblɔ be,

Etsrɔ̃a ame maɖifɔ kple ame ̃ɖi la siaa.

23 Ne ameƒoti he ku kpata la,

eɖea alɔme le ame maɖifɔ ƒe mɔkpɔkpɔ bubu ŋuti.

24 Ne anyigba aɖe ge ɖe ame ̃ɖi ƒe asi me la,

ekema etsyɔa nu mo na eƒe ʋɔnudrɔ̃lawo.

Ne menye eyae o ɖe, ekema ame kae?

25 "Nye ŋkekewo le du ɖim wu duƒula,

wodzo dzo kabakaba dzidzɔ aɖeke manɔmee.

26 Wozɔ mii va yi abe aƒlaʋuwo ene

eye abe ̃woe de agba anyi be

yewoaƒo nu le anyigba ene.

27 Ne megblɔ be, Maŋlɔ nye konyifafa be

eye madzudzɔ adãɖoɖo, aɖo nukomo la,

28 ekema nye fukpekpewo katã doa ŋɔdzi nam

elabena menyae be màbum fɔmaɖilae o.

29 Esi wobum fɔɖilae xoxo ɖe,

nu ka tae maganɔ ʋiʋlim dzodzro?

30 Ne mele tsi kple tsiledzalẽ

eye metsɔ nunyadzalẽ klɔ asi ̃ la,

31 aganyrɔm ɖe anyiʋe me,

ale be manyɔ ŋu na nye awuwo ̃ .

32 "Menye amee wònye abe nye ene ne maɖo nya ŋu ,

be makplɔe ayi ʋɔnui ahe nya kplii o.

33 Ne ame aɖe ɖe wòli aƒo nu le mía dome,

ada asi ɖe ame evea dzi

34 ame si aɖe Mawu ƒe ameƒoti ɖa le ŋutinye,

ale be eƒe ŋɔdzi magado vɔvɔ̃ nam o la, ne anyo.

35 Ekema maƒo nu na eya amea mavɔmavɔ̃e,

gake abe ale si wòle nam fifia ene la, nyemate ŋui o."

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-