7 "Ke woayra ŋutsu si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu
eye wòtsɔa eƒe dzideƒo dea Yehowa me.
8 Eya amea anɔ abe ati si wodo ɖe tɔ to,
eye wòƒo ke ɖe tɔʋu la te ene.
Ne ŋdɔ le ʋuʋum sesĩe hã la,
mevɔ̃na o eye eƒe aŋgbawo hã daa ama ɣe sia ɣi.
Eƒe dzi metsona le kuɖiɣi o eye wòtsea ku ɖaa."