Pular para o conteúdo
Publicidade

Yeremia 20

14 Aɖi gbe si gbe wodzim la ŋu kpekpekpe.

Yayra meganɔ gbe si gbe danye dzim la dzi o!

15 Fiƒode nenɔ ame si tsɔ dzidzɔnya

sia yi na fofonye be,

"Wodzi viŋutsu na " la dzi!

16 Nenɔ na ŋutsu ma abe du siwo Yehowa gbã

nublanuimakpɔmakpɔtɔe la ene.

Nese aviɣli le ŋdi me kple aʋaɣli le ŋdɔ me,

17 elabena mewum ɖe vidzidɔ me be

danye nanye yɔdo nam,

eye eƒe vidzidɔ nalolo tegbee o.

18 Nu ka ta medo go le vidzidɔ me be

makpɔ fukpekpe kple nuxaxa

eye nye ŋkekewo nawu nu le ŋukpe me?

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também