Pular para o conteúdo
Publicidade

Hiob 38

4 "Afi ka nènɔ esi meɖo anyigba ƒe gɔmeɖokpewo anyi?

Gblɔe nam, ne èse egɔme.

5 Ame kae dzidze eƒe kekeme kple didime?

Ànyae godoo! Ame kae tsɔ dzidzeka ɖo eŋu?

6 Nu ka dzi woɖo egɔme anyi ɖo?

Alo ame kae ɖo eƒe dzogoedzikpe

7 esi ŋukeɣletiviwo le ha dzim ɖekae

eye Mawudɔlawo katã do dzidzɔɣli?

8 "Ame kae do ʋɔ ɖe atsiaƒu nu

esi wòdo go kpoyi tso dadaa ƒe me

9 esi metsɔ lilikpo eƒe awudodoe heblae ɖe

viviti tsiɖitsiɖitsiɖi me,

10 esi meɖo seɖoƒe ,

hede ʋɔtru kple gametiwo enu,

11 esi megblɔ be, Afii ko nàse,

mèkpɔ ato liƒo sia dzi o,

afi sia ko dada kple ɖokuidodoɖedzi ase?

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também