Pular para o conteúdo
Publicidade

Hiob 20

Zofar ƒe nuƒo

1 Tete Naamatitɔ, Zofar ɖo eŋu be,

2 "Nu siwo le fu ɖem na nye susue dɔm be maɖo eŋu na

elabena metsi dzi le ɖokuinye me ŋutɔ.

3 Mese mokaname aɖe si ɖe bubu le ŋunye,

eye nye gɔmesese de dzi ƒo nam be maɖo nyawo ŋu.

4 "Meka ɖe edzi be ènya ale si wònɔ tso blema,

tso ɣeyiɣi si ke wowɔ amegbetɔ da ɖe anyigba dzi be

5 ame ̃ɖiwo ƒe nukoko nu mesena yina o,

eye Mawumavɔ̃lawo ƒe aseyetsotso nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko.

6 Togbɔ be eƒe dada yi ɖatɔ dziƒo,

eƒe ta yi ɖatɔ lilikpowo ke la,

7 atsrɔ̃ gbidii abe eya ŋutɔ ƒe afɔdzi ene

eye ame siwo kpɔe la agblɔ be,

Afi ka wòle?

8 Edzona dzona abe drɔ̃e ene,

womagakpɔe o eye wòabu

abe ŋutega si wokpɔ le me ene.

9 Ŋku si kpɔe la magakpɔe akpɔ o,

eye eƒe nɔƒe magakpɔe akpɔ o.

10 Ele be viawo nawɔ ɖɔɖɔɖo anyo me na ame dahewo,

eya ŋutɔ ƒe asiwo aɖe asi le eƒe kesinɔnuwo ŋu.

11 Ɖekakpuimeŋusẽ dzodzoe si

eƒe ƒuwo me la aku kplii ayi ke me.

12 "Togbɔ be nu ̃ɖi vivi le eƒe nu me,

eye wòɣlae ɖe eƒe aɖe te,

13 togbɔ be mate ŋu aɖe asi le eŋu o

eye wòbe ɖe nu me la,

14 eƒe nuɖuɖu ave le eƒe me,

eye wòazu da ƒe aɖi le eƒe dɔgbowo me.

15 Atu kesinɔnu siwo wòmi la aƒu gbe.

Mawu ana eƒe dɔgbowo nadzɔ wo katã aƒo ɖi.

16 Eno da ƒe aɖi

eye ƒli ƒe aɖi awui.

17 Makpɔ gome le tɔʋu kple tɔsisi

siwo me anyitsi kple notsi babla le sisim le la me o.

18 Maɖu nu siwo ŋu wòdze agbagba le o,

ke boŋ atsɔ wo ana eye maɖu viɖe

si do tso eƒe asitsatsa me o

19 elabena ete ame dahewo ɖe to wozu hiãtɔwo

eye wòxɔ aƒe siwo metu o.

20 "Vavã makpɔ gbɔdzɔe le eƒe nudzodzrowo me o

eye maɖe eɖokui to eƒe nunɔamesiwo dzi o.

21 Naneke masusɔ esi wòavuvu o

eƒe kesinɔnuwo matɔ ɖi o.

22 Le eƒe nukpɔkpɔ gbogboawo dome la,

xaxa ava edzi eye hiãtuame

ƒe ŋusẽ katã ava edzi.

23 Ne eƒe ƒodo nyuie la Mawu atrɔ

eƒe dziku bibi akɔ ɖe edzi

eye wòana eƒe dɔmedzoe nadza ɖe edzi.

24 Togbɔ be esi le gayibɔlãnu nu la,

akɔbliŋutrɔ ƒo ɖee.

25 Eɖee do goe tso eƒe lãme

eye wòho eƒe tsutsyɔeƒe le eƒe aklã me.

Ŋɔdzi alée,

26 eye viviti tsiɖitsiɖi le eƒe kesinɔnuwo lalam.

Dzo si womeƒlɔ ɖo o la afiae

eye wòabi nu si susɔ ɖe eƒe agbadɔ me la keŋkeŋkeŋ.

27 Dziƒo aɖe eƒe vodada ɖe go

eye anyigba atso ɖe eŋu.

28 Tsiɖɔɖɔ akplɔ eƒe aƒe adzoe eye le Mawu ƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi la,

tsi sisiwo akplɔe adzoe.

29 Esia nye gomekpɔkpɔ si Mawu ɖo ɖi na ame ̃ɖiwo,

eye wònye domenyinu tso Mawu gbɔ na wo."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também