15 Amegbetɔ ƒe ŋkekewo le abe gbe ene,
edzena abe seƒoƒo le gbedzi ene;
16 ya ƒona toa edzi, eye meganɔa anyi o,
womegaɖoa ŋku eteƒe gɔ̃ hã dzi o.
17 Gake tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ li
kple ame siwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye nɔa anyi
kple wo viwo ƒe viwo
18 kpakple ame siwo léa eƒe nubabla me ɖe asi,
eye woɖoa ŋku edzi wɔna ɖe eƒe sewo dzi.