1 Ne Yehowa metu xɔ o la,
etulawo le agbagba dzem dzodzro.
Ne Yehowa medzɔ du la ŋu o la,
dzodzroe dua ŋu dzɔlawo le ŋudzɔ.
2 Dzodzroe miefɔna kaba le ŋdi,
henɔa agbagba dzem
le nu si miaɖu la ŋuti va se ɖe fiẽ,
ke ame siwo wòlɔ̃na la,
enana wodɔa alɔ̃ ɖina ɖe eme.