8 Yehowa nye amenuvela kple nublanuikpɔla;
medoa dɔmedzoe kabakaba o, eye lɔlɔ̃ bɔ ɖe esi.
9 Yehowa nyoa dɔ me na ame sia ame,
eye wòkpɔa nublanui na ame siwo katã wòwɔ.
10 O! Yehowa, ame siwo katã nèwɔ la akafu wò,
eye wò ame kɔkɔewo ado wò ɖe dzi.
11 Woaƒo nu le wò fiaɖuƒe la ƒe ŋutikɔkɔe ŋu,
eye woagblɔ nya tso wò ŋusẽ ŋuti,
12 ale be amewo katã nanya wò nuwɔwɔ dzɔatsuwo
kple wò fiaɖuƒe ƒe ŋutikɔkɔe ƒe atsyɔ̃.