Publicidade

Salmos 149

1 Mikafu Yehowa.

Midzi ha yeye na Yehowa,

midzi eƒe kafukafuha le ame kɔkɔewo ƒe asaɖa me.

2 Israel nekpɔ dzidzɔ le woƒe Wɔla me,

Zionviwo netso aseye ɖe woƒe fia la ŋu.

3 Wonekafu eƒe ŋkɔ kple ɣeɖuɖu,

eye woneƒo ha kple asiʋuiwo kple kasaŋku.

4 Elabena Yehowa do dzidzɔ ɖe eƒe dukɔ ŋu,

eye wòtsɔ ɖeɖe ɖɔ na ame gblɔewo.

5 Ame kɔkɔewo nekpɔ dzidzɔ le eƒe bubu me,

eye woadzi ha kple dzidzɔ le woƒe abawo dzi.

6 Mawu kafukafu nenɔ woƒe nu me,

eye wòanye yi nuevee anɔ woƒe asiwo me,

7 ne woatsɔ abia hlɔ̃ dukɔwo,

eye woatsɔe ahe toe na amewo,

8 ne woabla woƒe fiawo kple gakɔsɔkɔsɔ,

eye woade kunyowu woƒe bubumewo,

9 ne woawɔ si wobu wo, woŋlɔ da ɖi ɖe wo ŋu la dzi.

Esia nye eƒe ame kɔkɔewo katã ƒe ŋutikɔkɔe.

Mikafu Yehowa.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-