1 Mawue nye míaƒe sitsoƒe kple ŋusẽ,
xɔnametɔ si li ɖaa kpli mí le xaxawo me.
2 Eya ta ne anyigba gli le zi dzi hã la, míavɔ̃ o,
ne towo ho ɖadze atsiaƒu me,
3 eye atsiaƒutsi ɖe gbe lɔ futukpɔ ɖe nu,
ale be towo dzo kpekpekpe
le eƒe howɔwɔ ta hã la, míavɔ̃ o. Sela
6 Hoowɔwɔ ɖo dukɔwo me, fiaɖuƒewo mu;
ekɔ eƒe gbe dzi, tete anyigba lolo.
10 "Ɖe dzi ɖi, eye nànya be nyee nye Mawu.
Woadom ɖe dzi le dukɔwo dome,
eye woadom ɖe dzi le anyigba dzi."