2 Ke nye la, nye afɔ ɖiɖi kloe,
eye esusɔ vie ko medze anyi.
3 Elabena mebiã ŋu ɖokuiŋudzela esi mekpɔ
ale si nu le edzi dzem na ame vɔ̃ɖiwoe.
16 Enye teteɖeanyi gã aɖe te menɔ
esi medze agbagba be mase nu siawo gɔme,
17 va se ɖe esime mege ɖe Mawu ƒe Kɔkɔeƒe la,
tete mese afi si woawu nu ɖo la gɔme.