Publicidade

Salmos 95

1 Miva, mina míatso aseye ɖe Yehowa ŋu,

eye míado dzidzɔɣli ɖe míaƒe xɔxɔ ƒe Agakpe la ŋu.

2 Mina míado ɖe eŋkume kple akpedada,

eye míadoe ɖe dzi to saŋku kple hadzidzi me.

3 Elabena Yehowae nye Mawu la,

eye wònye fiagã si ƒo mawuwo katã ta.

4 Anyigba ƒe gogloƒewo le eƒe asi me,

eye towo ƒe tsutsueƒe ke nye etɔ.

5 Atsiaƒu nye etɔ,

elabena eyae wɔe, eye eƒe asie anyigba ƒuƒui .

6 Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu ,

eye mina míadze klo ɖe

Yehowa, mía Wɔla la ƒe ŋkume.

7 Elabena eyae nye míaƒe Mawu,

eye míenye amewo le eƒe lãnyiƒe,

kple lãha le eƒe dzikpɔkpɔ te.

Egbe, ne miese eƒe gbe la,

8 migasẽ miaƒe dzi me abe ale si miewɔ le Meriba

kple ale si miewɔ gbe ma gbe le Masa le gbea dzi ene o.

9 Afi mae mia fofowo,

togbɔ be wokpɔ nu si mewɔ la,

wodom kpɔ, eye wotem kpɔ le.

10 Medo dɔmedzoe ɖe dzidzime ma ŋu ƒe blaene sɔŋ,

megblɔ be, "Wonye ame siwo ƒe dzi tra ,

eye womenya nye mɔwo o."

11 Ale le nye dɔmedzoe me, meka atam be,

"Womayi ɖe nye dzudzɔ la me gbeɖe o."

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-