13 Nu ka ta ame vɔ̃ɖi la le alɔme ɖem le Mawu ŋuti ɖo?
Nu ka ta wògblɔna na eɖokui be,
"Mayɔm be mana akɔnta o" ɖo?
14 Ke wò, O! Mawu, koe kpɔa dzɔgbevɔ̃e kple vevesese;
èbua eŋuti, eye asiwò me wole.
Ame si le fukpekpe me la,
tsɔa eɖokui dea asi na wò;
elabena wòe nye xɔnametɔ na tsyɔ̃eviwo.