Pular para o conteúdo
Publicidade

Salmos 10

1 O! Yehowa, nu ka ta nèle adzɔge ʋĩi ɖo?

Nu ka ta nèɣla ɖokuiwò le xaxaɣiwo ɖo?

2 Ame ̃ɖi dadala he hiãtɔ ƒu anyi,

ke wògena ɖe si wòtre da ɖi la me.

3 Nu siwo eƒe dzi dina la, egblɔnɛ adegbeƒotɔe;

eyraa ŋuklẽlawo, eye wòɖea alɔme le Yehowa ŋu.

4 Ame ̃ɖi la media eƒe o,

le dada viviwo ta,

le eƒe ŋugblededewo katã me la,

meɖoa ŋku Mawu dzi o.

5 Eƒe mɔwo dzea edzi nyuie ɣe sia ɣi,

edoa eɖokui ɖe dzi,

sewo didi tso egbɔ;

eye wòɖoa hehe ɖe eƒe futɔwo ta.

6 Egblɔna na eɖokui be, "Naneke maʋuʋum o,

makpɔ dzidzɔ ɣe sia ɣi, eye nyemage ɖe dzɔgbevɔ̃e me akpɔ o."

7 Fiƒode, alakpa kple ŋɔdzidodo eƒe nu me fũu,

eye gbegblẽ kple nu ̃ɖi le eƒe aɖe te.

8 Edea xa ɖe kɔƒewo xa;

ewu ame maɖifɔwo le xame,

eye wòtsa ŋu na ame si wòalé le bebeme.

9 Edea xa ɖe ɣaɣlɛƒe abe dzatae be ɖe ave xa ene;

ale be wòalé amemanɔsitɔ;

eléa amemanɔsitɔ, eye wòhea wo ɖe eƒe ɖɔ me dzonae.

10 Etoa ƒu ɖe lãme na ame siwo wòlé,

woƒe mo tsyɔa zi, eye womuna dzea anyi le eƒe ŋusẽ te.

11 Egblɔna na eɖokui be,

"Mawu ŋlɔ be; etsɔ nu tsyɔ eƒe mo, eye mele nu kpɔm o."

12 Tso, Yehowa! O! Mawu, abɔ dzi.

Mègaŋlɔ hiãtɔ be o.

13 Nu ka ta ame ̃ɖi la le alɔme ɖem le Mawu ŋuti ɖo?

Nu ka ta wògblɔna na eɖokui be,

"Mayɔm be mana akɔnta o" ɖo?

14 Ke , O! Mawu, koe kpɔa dzɔgbevɔ̃e kple vevesese;

èbua eŋuti, eye asiwò me wole.

Ame si le fukpekpe me la,

tsɔa eɖokui dea asi na ;

elabena wòe nye xɔnametɔ na tsyɔ̃eviwo.

15 Ŋe abɔ na ame ̃ɖi kple nu tovo wɔla;

yɔe ne wòana akɔnta tso nu ̃ɖi siwo wòwɔ

ame aɖeke mekpɔe o la ŋuti.

16 Yehowae nye fia tso mavɔ me yi mavɔ me;

dukɔwo atsrɔ̃ ɖa le eƒe anyigba dzi.

17 O! Yehowa, èse hiãtɔwo ƒe didi;

ède dzi ƒo na wo, eye nèɖo to woƒe ɣlidodo.

18 Èʋli tsyɔ̃eviwo kple ame siwo wote ɖe anyi la ta,

ale be amegbetɔ si nye anyi la magado ŋɔdzi na amewo azɔ o.

Veja também