Pular para o conteúdo
Publicidade

Salmos 101

David ƒe ha.

1 O! Yehowa, madzi ha le lɔlɔ̃

kple afia nyui tsotso ŋuti,

eye madzi kafukafuha na .

2 Makpɔ nyuie be menɔ agbe si ŋu mokaka mele o,

eya ta gbe ka gbe nàva asrãm kpɔ?

Mazɔ le aƒenye me

kple dzi si ŋuti mokaka mele o.

3 Nyematsɔ nu si me ̃ le la aɖo nye ŋkume o.

Metsri xɔsemanɔsitɔwo ƒe nuwɔnawo,

womalé ɖe ŋunye o.

4 Ame siwo ƒe dzi to vo la, ate ɖa xaa tso gbɔnye,

kadodo aɖeke mele nye kple nu ̃ɖi dome o.

5 Made ga nu na ame si ƒo ɖi ehavi ƒe ŋkɔ le bebeme,

eye ame si ŋku le esi

eye wòdana le dzi me la,

eya nyematɔ ɖe egbɔ o.

6 Nye ŋku anɔ nuteƒewɔlawo ŋu

le anyigba dzi, be woanɔ anyi kplim.

Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la,

anye nye nunɔla.

7 Ame si nye ameblela la, manɔ aƒenye me o,

eye ame si daa alakpa la matsi tsitre ɖe ŋkunye me o.

8 Ŋdi sia ŋdi la, mana ame ̃ɖi siwo

le anyigba dzi la nazi ɖoɖoe.

Maɖe nu tovo wɔla ɖe sia ɖe ɖa

le Yehowa ƒe du la me.

Veja também