Publicidade

Salmos 112

1 Mikafu Yehowa.

Woayra ŋutsu si ̃a Yehowa,

eye wòkpɔa dzidzɔ vevie le eƒe sewo ŋu.

2 Viawo anye ŋusẽtɔwo le anyigba la dzi,

eye woayra dzi dzɔdzɔetɔwo ƒe dzidzime.

3 Kesinɔnu kple nu nyuiwo le eƒe aƒe me,

eye eƒe dzɔdzɔenyenye nɔa anyi ɖikaa.

4 Le viviti me ̃ la,

kekeli klẽna na ame dzɔdzɔewo,

nenema ke wònɔna na ame si vea ame nu,

kpɔa nublanui, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe.

5 Nyui ava na ame si nyoa me, doa nugbana faa,

eye wòwɔa eƒe nuwo to dzɔdzɔe dzi.

6 Vavã, maʋã akpɔ o;

woaɖo ŋku ame dzɔdzɔe dzi tegbee.

7 Mavɔ̃ na nya ̃ sese o,

eƒe dzi li ke, eye wòkana ɖe Yehowa dzi.

8 Mavɔ̃ naneke o, elabena dzi le eƒo;

eye mlɔeba la, akpɔ eƒe futɔwo ta ɖa le dziɖuɖu me.

9 Ema eƒe kesinɔnuwo na ame dahewo fũu,

eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee,

eye woakɔ eƒe dzo ɖe dzi bobobo le bubu me.

10 Ame ̃ɖi akpɔe, eye dzi akui,

aɖu aɖukli, avɔ le eme keŋkeŋkeŋ.

Ame ̃ɖiwo ƒe dzimedidiwo azu tofloko.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_12-11-46-