Publicidade

Salmos 116

1 Melɔ̃ Yehowa, elabena ese nye gbe;

ese nye avifafa be wonekpɔ nublanui nam.

2 Esi wòtrɔ to ɖe gbɔnye ta la,

mayɔe zi ale si mele agbe.

3 Ku ƒe kawo blam, eye tsiẽƒe ƒe vevesese va dzinye.

Hiã tum, eye nuxaxa va dzinye.

4 Tete meyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ be,

"O! Yehowa, ɖem!"

5 Yehowa nye amenuvetɔ kple dzɔdzɔetɔ;

míaƒe Mawu la fũu kple nublanuikpɔkpɔ.

6 Yehowa kpɔa ame siwo fa tu le dzi me la ta;

esi menɔ hiahiã aɖe me la, eɖem le eme.

7 O! Luʋɔnye, gagbɔ ɖe eme,

elabena Yehowa nyo me na .

8 O! Yehowa, wòe ɖe nye luʋɔ tso ku me,

nye ŋkuwo tso aɖatsi si me,

nye afɔwo tso anyidzedze me;

9 be mate ŋu azɔ le Yehowa ŋkume

le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.

10 Mexɔe se, eya ta megblɔ be,

"Wokaa hiãm ŋutɔ."

11 Eye le nye moya me, megblɔ be,

"Amegbetɔwo katã nye aʋatsokalawo."

12 Aleke mawɔ aɖo dɔmenyo

siwo katã Yehowa nam la teƒe ?

13 Makɔ xɔxɔ ƒe kplu la ɖe dzi,

eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.

14 Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa

le eƒe dukɔ blibo la ŋkume.

15 Eƒe ame kɔkɔewo ƒe ku nye nu xɔasi

le Yehowa ŋkume.

16 O! Yehowa, menye dɔla vavã,

dɔlae menye,

subɔla ƒe viŋutsue menye,

eye nèɖem tso nye gakɔsɔkɔsɔ siwo blam la me.

17 Masa akpedavɔ na ,

eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.

18 Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa,

le eƒe dukɔ blibo la ŋkume,

19 le Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnuwo,

le mia dome, o Yerusalem.

Mikafu Yehowa.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-